Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 11:18 - Agbenya La

18 Dukɔwo le nyanyram, eye wò dziku ɖiɖi va. Ɣeyiɣi de be woadrɔ̃ ʋɔnu kukuawo, eye woatu fe na wò dɔla, nyagblɔɖilawo, wò ame kɔkɔeawo kple ame siwo dea bubu wò ŋkɔ ŋuti la, ame gblɔewo kple amegãwo siaa. Nenema ke míeda akpe na wò be nètsrɔ̃ ame siwo tsrɔ̃ anyigba la.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye dzi ku dukɔwo, eye wò dziku va, eye ame kukuwo ƒe ɣeyiɣi la ɖo, bene woadrɔ̃ ʋɔnu wo, eye be nana fetu wò dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo, kple ame kɔkɔewo kple amesiwo vɔ̃a wò ŋkɔ la, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, eye be natsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 11:18
48 Mawu Ofanana  

Elabena abe ale si dziƒo kɔ tso anyigba gbɔe ene la, nenemae eƒe lɔlɔ̃ loloe na ame siwo vɔ̃nɛ.


Aƒetɔ la le wò nuɖusime, agbã fiawo nyanyanya le eƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi.


ke boŋ Yehowa ƒe dzidzɔkpɔkpɔ le ame siwo vɔ̃nɛ la me, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la dzi.


Tete wòka mo na wo le eƒe dɔmedzoe me, eye wòdo ŋɔdzi na wo le eƒe dziku helĩhelĩ me hegblɔ be,


Vavã eƒe ɖeɖe tsɔ ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la gbɔ, ale be eƒe ŋutikɔkɔe nanɔ míaƒe anyigba dzi.


Nya blibo la ƒe taƒonyae nye: Vɔ̃ Mawu, eye nàwɔ eƒe sewo dzi, elabena esia koe nye amegbetɔwo ƒe dɔdeasiwo katã ƒe ƒuƒoƒo


Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ zi alafa ɖeka eye wòganɔa agbe kokoko hã la, nenyae nyuie be ame siwo vɔ̃a Mawu la tɔ anyo wu godoo.


gake nyadzɔdzɔ siwo atso ɣedzeƒe kple anyiehe wòase la ado ŋɔdzi gã aɖe nɛ ale be wòaho kple dziku helĩhelĩ be wòagblẽ wo eye wòatsrɔ̃ geɖewo.


“ ‘Ke ʋɔnu la aɖi anyi, woaxɔ eƒe ŋusẽ le esi eye woagbãe gudugudu tegbetegbe.


Ana beble nakpɔ dzidzedze eye wòabu eɖokui gã wu ale si wòle. Ne amewo bu be yewole dedie la, awu wo dometɔ geɖewo eye wòatsi tsitre ɖe fiawo dzi Fia la ŋu. Ke woatsrɔ̃e gake menye to amegbetɔ ƒe ŋusẽ me o.


Mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye, elabena fetu gã aɖe le mia lalam le dziƒo. Miɖo ŋku edzi be, nenema ke woti Nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi la hã yomee.


Eƒe nublanuikpɔkpɔ li na ame siwo vɔ̃nɛ tso dzidzime yi dzidzime.


Abe ale si woɖoe na ame be wòaku zi ɖeka, eye le esia megbe wòadze ŋgɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ene la,


Gake le ŋkeke siwo me mawudɔla adrelia aku eƒe kpẽa la, Mawu ƒe nu ɣaɣla la ava eme abe ale si wòɖe gbeƒã na eƒe dɔla nyagblɔɖilawoe ene.”


Ke ɖe xɔxɔnu si le gbedoxɔa ŋuti la le eme; mègadzidzee o, elabena wotsɔe na ame siwo menye Yudatɔwo o. Woanya avuzi le du kɔkɔe la dzi ɣleti blaene-vɔ-eve sɔŋ.


“Ne ame aɖe ayi aboyo me la, aboyo mee wòayi. Ne woawu ame aɖe kple yi la, yie woatsɔ awui.” Esia hiã na dzigbɔɖi le dzidodo me kple nuteƒewɔwɔ le ame kɔkɔeawo ƒe akpa dzi.


Nenema ke wòzi ame sia ame, suewo kple gãwo, kesinɔtɔwo kple ame dahewo, ablɔɖeviwo kple kluviwo dzi be woade dzesi woƒe nuɖusibɔ alo woƒe ŋgonu,


eya hã ano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe wain si wokɔ ɖe Mawu ƒe dziku helĩhelĩ ƒe kplu la me wòyɔ banaa la. Woawɔ funyafunyae kple aŋɔdzo le mawudɔla kɔkɔeawo kple Alẽvi la ŋkume,


Eye mekpɔ dzesi gã wɔnuku bubu le dziƒo: mawudɔla siwo lé dɔvɔ̃ adre mamlɛawo ɖe asi, mamlɛawo, elabena woawo me wowu Mawu ƒe dɔmedzoe nu le.


Tete nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikagba adre siwo yɔ fũu kple Mawu ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ, Mawu si le agbe tegbetegbe la, na mawudɔla adreawo,


Wɔe nɛ abe ale si wòwɔ ene. Ɖo eteƒe nɛ zi eve ɖe nu si wòwɔ la ta. Tɔtɔ eya ŋutɔ ƒe kplu eve ne nàtsɔ nɛ.


Yi ɖaɖɛ aɖe do tso eƒe nu me, esi wòatsɔ adza dukɔwo akɔ ɖi; atsɔ gatikplɔ akplɔ wo. Efia wain le wainfiaƒe kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziku helĩhelĩ.


ale be miaɖu fiawo, aʋafiawo, kalẽtɔwo, sɔwo kple wo dolawo kple amewo katã ƒe lã, ablɔɖeviwo kple kluviwo, ame gblɔewo kple ŋusẽtɔwo siaa.”


Tete gbe aɖe ɖi tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, “Mikafu míaƒe Mawu la, mi eƒe dɔlawo katã, mi ame siwo vɔ̃nɛ, ame gblɔewo kple ŋusẽtɔwo siaa!”


Eye mekpɔ ame kukuwo, ame deŋgɔwo kple ame gblɔewo nɔ tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo. Woʋu agbalẽ bubu si nye agbegbalẽ la. Wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nu si wowɔ woŋlɔ ɖe agbalẽawo me la nu.


Ne womekpɔ ame aɖe ƒe ŋkɔ le agbegbalẽ la me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.


“Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie! Nye fetu kpe ɖe ŋutinye, eye maxe fe na ame sia ame le nu si wòwɔ la nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa