Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 11:16 - Agbenya La

16 Eye amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo, ame siwo nɔ woƒe fiazikpuiwo dzi le Mawu ŋkume la tsyɔ mo anyi, eye wosubɔ Mawu,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye amegã xoxo blave vɔ ene, siwo bɔbɔ nɔ woƒe zikpuiwo dzi le Mawu ƒe ŋku me la, tsyɔ woƒe mo anyi, eye wodo gbe ɖa na Mawu

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 11:16
7 Mawu Ofanana  

Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm be, nenye be Nye, Amegbetɔ Vi la, menɔ anyi ɖe nye fiazikpui dzi le nye fiaɖuƒe me le ŋutikɔkɔe gã me la, ekema miawo hã mianɔ fiazikpui wuieve dzi, adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe to wuieveawo,


Amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo kple nu gbagbe eneawo tsyɔ mo anyi, eye wosubɔ Mawu, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui dzi la. Wodo ɣli be, “Amen, Haleluya!”


ekema amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo yia klo dzi hetsyɔa mo anyi ɖe eya ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ŋgɔ, eye wosubɔa eya ame si le agbe tegbetegbe la. Woɖea woƒe fiakukuwo dana ɖe fiazikpui la ŋgɔ henɔa ha dzim be,


Fiazikpui sue blaeve-vɔ-ene ƒo xlã fiazikpui gãtɔ la, eye amegãxoxo blaeve-vɔ-ene nɔ wo dzi. Wo katã wodo awu ɣiwo, eye woɖɔ sikafiakukuwo.


Nu gbagbe eneawo gblɔ be, “Amen.” Tete amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo tsyɔ mo anyi, eye wosubɔe.


Mawudɔlawo katã nɔ tsitre ƒo xlã fiazikpui la, amegãxoxoawo kple nu gbagbe eneawo. Wotsyɔ mo anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔ Mawu,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa