Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 11:12 - Agbenya La

12 Tete wose gbe gã aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Miva dziƒo afii.” Ale woyi dziƒo le lilikpo me, eye woƒe futɔwo da ŋku ɖe wo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye wose gbe gãa ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm na wo bena: Miva dziƒo afii! Eye woyi dziƒo le alilikpo me, eye woƒe futɔwo kpɔ wo ɖa.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 11:12
21 Mawu Ofanana  

Esi ɣeyiɣia de be Yehowa nakɔ Eliya ayi dziƒo le ahomya me la, Eliya kple Elisa dze mɔ tso Gilgal.


Esime wonɔ zɔzɔm, nɔ dze ɖom la, dzotasiaɖam kple sɔwo ɖiɖi va ma wo kple evea dome eye Eliya to ahom la me yi dziƒo.


Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ Yeriko la va bia Elisa be, “Ènya be Yehowa le wò aƒetɔ kplɔ ge adzoe le gbɔwò egbea?” Elisa ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, menya eya ta mizi ɖoɖoe!”


Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la blaatɔ̃ yi ɖatsi tsitre ɖe adzɔge eye wodze ŋgɔ afi si Eliya kple Elisa tɔ ɖo le Yɔdan tɔsisi la nu.


Ame vɔ̃ɖi akpɔe, eye dzi akui, aɖu aɖukli, avɔ le eme keŋkeŋkeŋ. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzimedidiwo azu tofloko.


Yehowa, ame kae dze anɔ wò kɔkɔeƒe la? Ame kae anɔ wò togbɛ kɔkɔe la dzi?


Ame kae alia Yehowa ƒe togbɛ? Ame kae atsi tsitre ɖe eƒe kɔkɔeƒe la?


Ɖe wò nyuiwɔwɔ ƒe dzesi fiam, be nye futɔwo nakpɔe, eye ŋu nakpe wo, elabena o Yehowa, wòe kpe ɖe ŋunye, eye nèfa akɔ nam.


Woƒe tasiaɖamwo ƒe afɔwo de asi dodo me le wo te. Ale woƒe tasiaɖamwo de asi anyigbatete me. Egiptetɔwo do ɣli be, “Mina míadzo le Israel nu. Yehowa le aʋa wɔm kpli mí na wo!”


Ègblɔ le wò dzi me be, “Malia nu ayi ɖe dziƒo. Mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo tame. Manɔ nye fiazikpui dzi le takpekpeto la dzi, le to kɔkɔe la tame ʋĩi ke.


gake ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la ƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me. Woadzo ayi dzi abe hɔ̃wo ene. Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o. Woazɔ azɔli, gake nu mati kɔ na wo o.


“Ame kawoe nye ema le dzodzom le yame abe lilikpowo ene, alo abe ahɔnɛwo yina ɖe woƒe atɔwo me ene?


Ekema miakpɔ vovototo si le ale si Mawu wɔna na ame dzɔdzɔe siwo ɖoa toe kple ame vɔ̃ɖi siwo meɖoa toe o la dome.”


Eƒe luʋɔ yi ɖe dzomavɔ me. Esi wònɔ fu kpem le afi ma la, ekpɔ Lazaro ɖaa le Abraham gbɔ.


Le nya siawo gbɔgblɔ vɔ megbe teti ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔe yi dziƒo, esi nusrɔ̃lawo nɔ ekpɔm, eye wòbu ɖe wo le lilikpo la me.


Le esia megbe la, woakɔ mí ame siwo gale agbe le ɣe ma ɣi la ayi dzi kpli wo le lilikpowo dzi be míayi aɖado go Aƒetɔ la le yame. Ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ tegbetegbe,


Nyɔnu la dzi ŋutsuvi, ame si ava aɖu dukɔwo katã dzi kple gatikplɔ. Tete woxɔ ɖevi la le esi kaba tsɔ yi ɖe Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔe.


Mana ame si ɖu dzi la nanɔ nye axadzi le nye fiazikpui dzi abe ale si nye hã meɖu dzi, eye mele Fofonye gbɔ le eƒe fiazikpui dzi ene.


Le esia megbe la, mekpɔ ʋɔtru aɖe le ʋuʋu le dziƒo le nye ŋkume, eye gbe si mese gbã wònɔ nu ƒom nam abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene la gblɔ be, “Va dziƒo afii, eye mafia nu si ava adzɔ le etsɔ me la wò.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa