Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 11:11 - Agbenya La

11 Ke le ŋkeke etɔ̃ kple afã la megbe la, agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe ame kukuawo me, wotsi tsitre, eye ŋɔdzi gã aɖe lé ame siwo kpɔ wo la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye ŋkeke etɔ̃ kple afã megbe la agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe wo me, eye wotsi tre ɖe woƒe afɔwo dzi, eye vɔvɔ̃ gãa ɖe va dze amesiwo kpɔ wo la dzi.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 11:11
11 Mawu Ofanana  

Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi me amegbetɔ, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔtime, eye wòzu luʋɔ gbagbe.


Ekema du sia atsɔ ŋkɔ gã, dzidzɔ, kafukafu kple bubu vɛ nam le anyigbadzidukɔ siwo katã se nu nyui siwo mewɔ na wo la dome; ŋɔdzi alé wo eye woadzo nyanyanya le nunyoname gbogbo kple ŋutifafa si mena wo la ta.’


Emegbe la, woatrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, eye woayi woƒe Fia gbɔ. Woatsɔ dzodzo nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyonyo gbɔ le ŋkeke mamlɛawo me.


Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ gã aɖe hame blibo la kple ame siwo katã see la me.


Esi Anania se nya sia teti ko la, emu dze anyi enumake heku. Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ame siwo katã se nu si va dzɔ la.


Eye ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ si fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le agbe le mia me la, ekema ame si fɔ Kristo ɖe tsitre la agbɔ agbe miaƒe ŋutilã siwo kuna la to eƒe Gbɔgbɔ si le agbe le mia me la dzi.


elabena to Yesu Kristo me la, Gbɔgbɔ si naa agbe la ɖem tso nu vɔ̃ kple ku ƒe se la si me.


“Menyae nyuie be Yehowa le míaƒe anyigba tsɔ ge na mi. Mí katã míele mia vɔ̃m. Miaƒe ŋkɔ ‘Israel’ sese ɖeɖe hã dea vɔvɔ̃ lãme na ame sia ame,


Le gaƒoƒo ma ke me la, anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe, eye du la ƒe mama ewo dometɔ ɖeka mu dze anyi; ame akpe adre (7,000) tsrɔ̃ le anyigbaʋuʋu la me. Ke ŋɔdzi lé agbetsilawo, eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu dziƒoʋĩtɔ la.


Amewo atso ƒome ɖe sia ɖe, to ɖe sia ɖe, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me akpɔ woƒe ŋutilã kukuawo ŋkeke etɔ̃ kple afã, eye woagbe be yewomaɖi wo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa