Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 9:37 - Agbenya La

37 Anyigba sia dzi nuku nyuiwo va yi fia siwo nèna woɖu mía dzi le míaƒe nu vɔ̃wo ta la ƒe asime. Wokpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe ŋutilã kple míaƒe lãwo dzi. Míesubɔa wo abe ale si wodi ene, eye míezu nublanuitɔ gãwo.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 Edzi agblemenu wo le dzidzim ɖe dzi na fia, siwo nètsɔ ɖo mía nu le míaƒe nuvɔ̃wo ta la, woɖu míaƒe ŋutilã kple míaƒe lãwo dzi, alesi dze wo ŋu, eye míeɖo xaxa gã me.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 9:37
11 Mawu Ofanana  

Gawu la, fia la nenya be ne wogbugbɔ du sia tso, ɖɔ eƒe gliwo ɖo la, ekema woagbe adzɔhowo, nudzɔdzɔwo kple mɔtahowo xexe, eye fiasã la ƒe gakotoku aɖi gbɔlo.


Gawu la, mele se dem be, esiawo miawɔ na Yudatɔwo ƒe dumegãwo le Mawu ƒe gbedoxɔ la tutu me: Woaxe ame siawo ƒe nugbegblẽwo katã tso fia la ƒe gaɖaka si me wodea nudzɔdzɔwoe le Frat tɔsisi la godo me, ale be dɔa matɔ te o.


Minyae hã be miekpɔ mɔ aɖo nudzɔdzɔ, adzɔ kple mɔtaho nunɔlawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo, gbedoxɔŋudzɔlawo alo dɔ bubu aɖe wɔla si le Mawu ƒe aƒe sia me la dzi o.


Meka mo na wo be, “Abe ale si ke ŋutete le mía si ene ko la, miegbugbɔ mía nɔvi Yudatɔ siwo wodzra ɖe dukɔ bubuwo me la ƒle. Ke azɔ la, miegale wo dzram ale be woagbugbɔ wo agadzra na mi!” Wo katã wozi ɖoɖoe, elabena womekpɔ nya aɖeke agblɔ o.


Ame siwo ti mía yome la gogo, ɖeɖi te mía ŋu, ke gbɔɖeme meli o.


“Maɖe ŋku atɔ mi; miasi le miaƒe futɔwo nu. Ame siwo lé fu mi la aɖu mia dzi. Gawu la, miade asi sisi me, togbɔ be ame aɖeke manɔ mia nyam o hã!


Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Míawo la, Abraham ƒe dzidzimeviwoe míenye, eye míenye kluviwo na ame aɖeke kpɔ o. Nu ka ta nègblɔ be, míazu ablɔɖeviwo ɖo?”


Didiƒe dukɔ aɖe si ƒe ŋkɔ mèse kpɔ gɔ̃ hã o la aɖu wò agblemenuku siwo nèƒã kple kutrikuku geɖe. Woate wò ɖe anyi, eye woafiti wò ɣe sia ɣi.


Àde waingblewo, eye nàwɔ dɔ le wo me kple vevidodo nu, ke màɖu woƒe tsetseawo o, eye màno wain si woafia tso wo me hã o, elabena ŋɔ aɖu wo.


Yehowa ana nàzu kluvi na wò futɔwo le dɔwuame, tsikɔwuame kple amamanɔnɔ me. Nu sia nu ahiã wò. Yehowa ade gakɔkuti kɔ na wò va se ɖe esime wòatsrɔ̃ wò ɖa gbidii.


Woaɖu nu le wò aƒe me va se ɖe esime wò nyiwo, agblemenukuwo, bli, wain yeye, ami, nyiviwo kple alẽviwo navɔ keŋkeŋ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa