Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 9:31 - Agbenya La

31 Ke le wò amenuveve sɔ gbɔ la ta la, mètsrɔ̃ wo keŋkeŋ alo gble wo ɖi o. Mawu amenuvetɔ kple dɔmenyotɔ gãe nènye!

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Ke mètsrɔ̃ wo ɖikaa o, eye mègblẽ wo ɖi o le wò nublanuikpɔkpɔ gã la nu elabena Mawu amenuvela kple nublanuikpɔla nènye.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 9:31
15 Mawu Ofanana  

Ke Yehowa ve Israelviwo nu eye wometsrɔ̃ wo keŋkeŋ o. Eva eme alea elabena Yehowa kpɔ nublanui na wo. Hekpe ɖe esia ŋu la, enɔ nubabla si wòwɔ kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi wɔm kokoko.


Ne miegatrɔ ɖe Aƒetɔ la ŋu la, ame siwo ɖe aboyo mia nɔviwo kple mia viwo la, akpɔ nublanui na wo eye woagate ŋu atrɔ agbɔ va anyigba sia dzi elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe dɔme nyo eye eƒe amenuveve li tegbee eya ta magble mí ɖi, ne míetrɔ ɖe eŋu o.”


“Wogbe wò Seawo dzi wɔwɔ, eye womebu nukunu siwo nèwɔ le wo dome o, ke boŋ wodze aglã, eye wotia kplɔla aɖe be wòakplɔ yewo atrɔ ayi kluvinyenye me le Egipte! Ke tsɔtsɔke ƒe Mawu kple amenuvela nènye. Mèdoa dɔmedzoe kabakaba o; lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ le mewò, eya ta megble wo ɖi o,


ke le wò amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ ta la, mègble wo ɖi be woaku le gbedzi o! Alilĩkpododo la kplɔa wo yia ŋgɔe gbe sia gbe, eye dzosɔti la fiaa mɔ wo le zã me.


Le nye ŋutɔ nye ŋkɔ ta la, mehe nye dɔmedzoe ɖe megbe. Le nye kafukafu ta la, nyemena wòva mia dzi o, be nyematsrɔ̃ mi o.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Anyigba blibo la azu aƒedo, gake nyemagblẽe gbidigbidi o.


“Mige ɖe eƒe waingblewo me eye mialã woƒe wainkawo. Ke migagblẽ wo gbidigbidi o. Milã alɔwo elabena dukɔ sia menye Yehowa tɔ o.


Yehowa be, “Ke le ɣe ma ɣi hã la, nyematsrɔ̃ mi gbidigbidi o.


Le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ta wometsrɔ̃ mí o elabena eƒe nublanuikpɔkpɔ mevɔna o.


Aƒetɔ, mía Mawu la kpɔa nublanui eye wòtsɔa nu vɔ̃ kena togbɔ be míedze aglã ɖe eŋu hã.


elabena Yehowa miaƒe Mawu kpɔa nublanui na ame. Magblẽ mi ɖi o, matsrɔ̃ mi o, eye maŋlɔ ŋugbe siwo wòdo na mia fofowo la be o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa