Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 9:25 - Agbenya La

25 Wò amewo xɔ du gã siwo woglã la kple agbledenyigba nyuiwo. Woxɔ aƒe geɖe siwo me nu nyuiwo abe vudo, waingblewo, amitivewo kple kutsetseti geɖewo ene la le. Ale woɖu nu ɖi ƒo, eye wò yayrawo sɔ gbɔ ɖe wo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Woxɔ nu sesẽwo kple anyigba wɔnuwo, eye woxɔ aƒe, siwo me kesinɔnu geɖewo le fũ, kple vudo ɖeɖewo, weingblewo kple amitiwo kpakple ati tseku ɖuɖuawo taŋtaŋ; woɖu nu ɖi ƒo ɖa ami, eye wonɔ agbe vivi le wò kesinɔnu geɖeawo me.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 9:25
25 Mawu Ofanana  

Ke èwɔ nu vɔ̃ wu fia siwo katã do ŋgɔ na wò. Èwɔ mawu bubuwo na ɖokuiwò, èdo dɔmedzoe nam kple wò sikanyiviawo eye nètrɔ megbe dem.


Esi ŋu ke la, edo mɔ ameawo wodzo. Woyra fia la hafi dzo yi aƒe me; dzidzɔ kple aseyetsotso yɔ woƒe dziwo me ɖe nu nyui siwo katã Yehowa wɔ na eƒe dɔla, David kple eƒe dukɔ, Israel la ta.


Togbɔ be èwɔ nukunu geɖewo na wo, eye nèkɔ wò amenuveve ɖe wo dzi fũu hã la, womesubɔ wò o. Èna anyigba gã aɖe si nyoa nu la wo, gake wogbe asiɖeɖe le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu.


Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo, eye nu si ame bubuwo ku kutri kpɔ la va zu domenyinu na wo.


Ètsɔ wò kesinɔnu gbogboawo ɖo atsyɔ̃e na ƒe la, eye wò agblekekewo yɔ gbagba.


Ne menye nenema o la, mava ɖi ƒo akpa, agbe nu le gbɔwò ahabia be, ‘Ame kae nye Yehowa?’ Alo mada ahe akpa, afi fi.


Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri, tu woƒe towo, eye nàmia woƒe ŋkuwo. Ne menye nenema o la, woava kpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, ase nu kple woƒe towo, ase nu gɔme kple woƒe dziwo, eye woatrɔ akpɔ dɔyɔyɔ.”


Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe dɔmenyo, Yehowa ƒe nu siwo wòwɔ na mí, esiwo ta wòle be woakafui ɖo. Ɛ̃, kpe ɖe nu nyui siwo katã wòwɔ na Israel ƒe aƒe la ŋu, le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple dɔmenyo gbogboawo ta la,


Mekplɔ mi va anyigba si nyoa nu la dzi be miaɖu eƒe kutsetsewo kple eƒe nu nyuiwo, gake mieva do gu nye anyigba eye miewɔ nye domenyinu wòzu ŋunyɔnu.


Matsɔ nu nyui geɖe aɖi ƒo na nunɔlawo eye maɖi ƒo na nye dukɔ hã kple nye nu nyui geɖe.” Yehowae gblɔe.


Woge ɖe anyigba la dzi hexɔe gake womeɖo to wò alo wɔ wò seawo dzi o. Womewɔ nu siwo ƒe se nède na wo be woawɔ la o, eya tae nèhe gbegblẽ sia katã va wo dzii ɖo.


Gbe ma gbe la, meka atam na wo be makplɔ wo ado goe le Egipte ayi anyigba aɖe si medi da ɖi na wo la dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi tsana le. Anyigba sia nyo wu bubuawo katã.


Ekema ne nuto si si nunɔamesiwo le fũu la kpɔ be wole dedie la, ava dze wo dzi le vo me eye nu si fofoawo alo tɔgbuiawo mete ŋu wɔ o la, eya awɔe. Ama nuhaha, afunyinuwo kple kesinɔnuwo na eyomedzelawo. Aɖo ta me ɖe mɔ sesẽwo gbagbã ŋu ɣeyiɣi kpui aɖe.


Ke esi mieɖu nu ɖi ƒo vɔ la, dada yɔ mia me, mieŋlɔm be,


Emegbe la, woatrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, eye woayi woƒe Fia gbɔ. Woatsɔ dzodzo nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyonyo gbɔ le ŋkeke mamlɛawo me.


Alo ɖe mètsɔ ɖeke le Mawu ƒe dɔmenyo gã la, eƒe dzidodo, kple eƒe dzigbɔɖi me oa? Alo mènya be Mawu ƒe dɔmenyo ƒe taɖodzinue nye be wòana nàtrɔ dzi me oa?


Woɖo gli kɔkɔwo ƒo xlã du siawo, eye wode gakpogbowo wo nu. Míexɔ du siwo katã womeɖo gli ƒo xlãe o la hã.


Etsɔ tonyigba nyonuwo nɛ kpe ɖe anyigba sɔsɔe nyonuku ŋu ena anyitsii tso agakpe me amii tso kpenyigba me!


Ena notsi kple lãe agbotsuwo kple gbɔ̃ damiwo Basantɔwo ƒe agbotsuwo kple gbɔ̃wo, Ena bli doku nyuitɔe Ena wòno wain nyuitɔ.


Ke sẽe ko la, Yesurun ɖu nu ɖi ƒo, ɛ̃, ekpɔ lãme, da ami heklã. Tete wògbe nu le eƒe Mawu la gbɔ eɖe asi le eƒe xɔxɔ ƒe Agakpe la ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa