Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 9:24 - Agbenya La

24 Èbɔbɔ dukɔ blibowo ɖe anyi le wo ŋgɔ, Kanaan fiawo kple woƒe amewo gɔ̃ hã zu ŋusẽmanɔŋutɔwo!

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Ɖeviawo yi ɖaxɔ anyigba la wònye wo tɔ, eye nèbɔbɔ anyigbadzitɔ, siwo nye Kanaanitɔwo, de anyi le wo ŋku me; ètsɔ woƒe fiawo kple anyigba dzi dukɔwio siaa de asi na wo, ne woawɔ wo, alesi dze wo ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 9:24
13 Mawu Ofanana  

Egblɔ be, “Yehowa, miaƒe Mawu la nanɔ kpli mi. Ena ŋutifafa ɖo miawo kple dukɔ siwo ƒo xlã mi la dome elabena Yehowa ƒe ŋkɔ mee meɖu wo dzi le hena eƒe amewo.


Yudatɔwo ƒo woƒe futɔwo katã ƒu anyi, eye wowu wo kple yi hetsrɔ̃ wo. Ale wowɔ nu si dze wo ŋu la na woƒe futɔwo.


Miegblɔ be yewo viwo ava zu kluviwo na anyigba la dzi tɔwo. Le esia teƒe la, makplɔ mia viwo boŋ woaɖo anyigba la dzi dedie, eye woawo anyi nu si miawo miedo vloe la ƒe dome.


Ekema woadze si nyateƒe la, eye woasi le Abosam ƒe mɔ siwo wotrena be yeana woazu kluviwo na nu vɔ̃ ɣe sia ɣi si yelɔ̃ la nu; ale woate ŋu adze Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzi wɔwɔ gɔme.


Ale Yosua kple eƒe aʋakɔ la woɖu anyigba blibo la dzi; woɖu dukɔ siwo nɔ toawo dzi, esiwo nɔ anyigba sɔsɔe dzi kple esiwo nɔ toawo ŋu la dzi. Wowu ame sia ame le anyigba la dzi, abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la ɖo na wo be woawɔ ene.


Ale Yosua xɔ anyigba blibo la abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Etsɔe na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene, eye wòmae ɖe toawo dome. Ale aʋawɔwɔ nu tso le anyigba la dzi.


Eglon fia ɖeka, Gezer fia ɖeka,


kple Tirza fia ɖeka. Ale wotsrɔ̃ fia blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛ kple woƒe duwo.


Esi Israelviwo xɔ anyigba vɔ megbe la, wo katã wova kpe ta ɖe Silo, eye wotu Yehowa ƒe Agbadɔ ɖe afi ma.


Ale Yehowa tsɔ anyigba si ŋugbe wòdo na wo tɔgbuiwo la katã na Israelviwo. Woyi ɖaɖu ameawo dzi, eye wonɔ afi ma.


Ale nu nyui siwo katã ŋugbe Yehowa do na wo la va eme nenema tututu.


Ale Mawu wɔ Israel ŋu dɔ hebɔbɔ Kanaan fia Yabin ɖe anyi le Israelviwo ŋkume.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa