Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 9:20 - Agbenya La

20 Èɖo wò Gbɔgbɔ nyui la ɖa be wòafia nu wo. Mèdzudzɔ mananana wo tso dziƒo o, mèdzudzɔ tsinana wo be wòatsi woƒe tsikɔwuame nu o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ena wò gbɔgbɔ nyui la wo, ne wòafia nu wo; mète wò mana le woƒe nu o, eye esi tsikɔ wu wo la, èna tsi wo.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 9:20
24 Mawu Ofanana  

Ègbɔ dzi ɖi na wo ƒe geɖewo, eye to wò Gbɔgbɔ dzi la, èna nyagblɔɖilawo ƒo nu na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, ke womeɖo to wo o. Ale nègana dukɔ siwo subɔa trɔ̃wo la gaɖu wo dzi.


Eʋu agakpe la, tsi do na wo bababa, eye wòsi to gbegbe la abe tɔsisi ene.


Fiam ale si mawɔ wò lɔlɔ̃nu, elabena wòe nye nye Mawu; na wò Gbɔgbɔ nyui la nakplɔm to anyigba sɔsɔe dzi.


Esi Israelviwo kpɔ wo la, wobia wo nɔewo be, “Nu kawoe nye esiawo?” Elabena womenya nu si wonye o. Mose gblɔ na wo be, “Esiawoe nye abolo si Yehowa na mi be miaɖu.


Ale Israelviwo ɖu “mana” ƒe blaene va se ɖe esime woɖo Kanaanyigba ƒe liƒo dzi, afi si agblemenukuwo nɔ woaɖu.


Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mana abolo nadza tso dziƒo na wo. Ame sia ame ate ŋu ado go gbe sia gbe, eye wòafɔ nuɖuɖu si wòhiã. Mado wo kpɔ le nu sia me akpɔ be woawɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi mahã.


Ke le tsikɔwuame la ƒe sesẽ ta la, dukɔ la lĩ Mose ŋu gblɔ be, “Nu ka tututue na nèkplɔ mí dzoe le Egipte? Nu ka ta nèkplɔ mí va afi sia be míaku kple mía viwo kple míaƒe lãwo?”


Mado go wò le agakpe la gbɔ le Horeb. Ƒo agakpe la kple wò atikplɔ si nètsɔ ƒo Nil tɔsisi lae. Tsi ado bababa, asu na ame sia ame.” Mose wɔ abe ale si Mawu gblɔ nɛ ene le Israel ƒe ametsitsiawo ƒe ŋkume.


Tsikɔ mewu wo esi wòkplɔ wo to gbedzi o. Ena tsi do tso agakpe me na wo. Egbã agakpe la, eye tsi do bababa.


Dɔ kple tsikɔ magawu wo azɔ o. Dzogbe xɔdzo alo ŋdɔkutsu magaɖu wo azɔ o. Ame si kpɔa nublanui na wo la anye woƒe mɔfiala, eye wòakplɔ wo ayi tɔʋuwo to.


‘Esiae nye nu si mebla kpli mi esi miedo go tso Egipte be, nye Gbɔgbɔ la anɔ mia me. Migavɔ̃ o.’


Maɖi ava ƒo nu kpli wò le afi ma. Maɖe Gbɔgbɔ si le dziwò la ƒe ɖe le dziwò ada ɖe woawo hã dzi. Woatsɔ dukɔ la ƒe agba akpe ɖe ŋuwò ale be dɔdeasi la maganɔ wò ɖeka ko dzi o.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne ɖe nènya Mawu ƒe nunana kple ame si ƒomevi le tsi biam wò la, anye ne èbiae, eye wòana agbetsi wò.”


Le nyateƒe me la, tsi si manae la azu agbetsi, anɔ sisim le eme si ahe agbe mavɔ vɛ.”


Ke mele nu xlɔ̃m mi nɔviwo, le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo kple Gbɔgbɔ ƒe lɔlɔ̃ me bena miade dzinye, eye miaʋli le gbedodoɖa me na Mawu ɖe tanye.


Wo katã woɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu ma ke,


(Elabena kekeli ƒe kutsetse nye dɔmenyo, dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe),


Esi ŋu ke la, mana megadza o, eye womegakpɔe kpɔ va se ɖe egbe o! Eya ta tso gbe ma gbe dzi la, woɖua Kanaanyigba dzi nukuwo.


Elabena nyagblɔɖi ƒe dzɔtsoƒe metso amegbetɔ ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ ame xɔa gbe tso Mawu gbɔ abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa