Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 9:13 - Agbenya La

13 “Èɖiɖi va Sinai to la dzi, èƒo nu kpli wo tso dziƒo, eye nèna Se kple ɖoɖo nyui siwo le eteƒe la wo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eɖi va Sinai-to la dzi, eye nẽƒo nu kpli wo tso dziƒo; èna kɔnu dzɔdzɔewo, nufiame, siwo le eteƒe, kpakple ɖoɖo kple se nyuiwo wo.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 9:13
27 Mawu Ofanana  

Ele be Yakob ƒe dzidzimeviwo nawɔ Yehowa ƒe sewo katã dzi eye womasubɔ mawu bubuwo gbeɖegbeɖe o.”


Ezra sia tso Babilonia va. Enye sefiala si bi ɖe Mose ƒe Se, si Yehowa, Israel ƒe Mawu la de la me. Fia la na nu sia nu si wòbiae, elabena Yehowa, eƒe Mawu la ƒe asi nɔ eya amea dzi.


O! Yehowa, wò la, dzɔdzɔetɔe nènye, eye wò sewo hã le dzɔdzɔe.


Wò nyawo katã nye nyateƒe, eye wò dzɔdzɔenyenye ƒe sewo katã nye se mavɔwo.


Èwɔ se siwo dzi wòle be woawɔ ɖo blibo la da ɖi.


Mose gblɔ na wo be, “Yehowa tɔ asi etsɔ dzi be wòanye dzudzɔgbe, wòanye ŋkeke kɔkɔe na Yehowa, eye wòle be míadzudzɔ tso míaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me, eya ta miɖa nu wòasɔ gbɔ abe ale si miedi ene egbe, eye midzra esi asusɔ la ɖo ŋu nake ɖe edzi.”


Ekema ŋkeke etɔ̃a gbe la, maɖi tso Sinai to la dzi le ame sia ame ŋkume.


Eye Mawu gblɔ nya siawo be:


Yehowa gblɔ nya siawo na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Miawo ŋutɔ miekpɔe be meɖe nye lɔlɔ̃nu fia mi tso dziƒo.


O, esi nàhadze dziƒowo me aɖi ava anyi, be towo nadzo kpekpekpe le ŋkuwò me!


elabena esime nèwɔ nu dziŋɔ siwo míekpɔ mɔ na o la, èɖiɖi va anyi, eye towo dzo kpekpekpe le ŋkuwò me.


Mawu tso Teman va. Kɔkɔetɔ la ɖi tso Paran to dzi. Sela. Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ dziƒowo eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi!


Eye ne mewɔ nu si nyemedina be mawɔ o la, melɔ̃na be se la nyo.


“Yehowa va mía gbɔ le Sinai to la gbɔ; eɖiɖi ɖe mía dzi tso Seir to la dzi. Eklẽ tso Paran to la dzi ame kɔkɔe akpe nanewo ƒo xlãe, dzo bibi nɔ eƒe nuɖusime.


Dukɔ blibo se Mawu ƒe gbe wòƒo nu nɛ tso dzo bibi me, abe ale si miawo miese ene, eye dukɔ la gali!


Ena miese eƒe gbe wònɔ nu fiam mi tso dziƒo. Ena miekpɔ eƒe dzo bibi gã la le anyigba dzi. Miese eƒe gbe gɔ̃ hã tso dzo bibi la titina.


Eye dukɔ bubu kae gali si de ŋgɔ ale gbegbe be, se kple ɖoɖo dzɔdzɔe siawo tɔgbi le wo si abe se siwo metsɔ le mia ŋkume ɖom egbea ene?


Eƒo nu kpli mi ŋkume kple ŋkume tso dzo bibi la titina le afi ma, le to la gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa