Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 9:11 - Agbenya La

11 Èma atsiaƒu la ɖe akpa eve me, ale be wò amewo nate ŋu azɔ anyigba ƒuƒui dzi atso atsiaƒu la! Gake ètsrɔ̃ woƒe futɔwo ɖe atsiaƒu la ƒe gogloƒe. Wonyrɔ abe kpe ene ɖe atsiaƒu la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Emã ƒu la me le wo ŋgɔ, eye woto ƒuƒuiƒe le ƒu la titina; ke èxlã wo yometilawo ɖe tɔ me, abe alesi kpe dzea tɔ sesẽwo me ene.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 9:11
16 Mawu Ofanana  

Etrɔ atsiaƒu wòzu anyigba ƒuƒui, wozɔ afɔ to tsi la titina; miva míatso aseye le eya amea me.


Ema atsiaƒu, hekplɔ wo to emee, eye wòna tsi la tɔ dzɔ kã abe glikpɔ ene.


Yehowa awɔ aʋa na mi; miawo ya mizi kpoo nɛ ko.”


Woƒe tasiaɖamwo ƒe afɔwo de asi dodo me le wo te. Ale woƒe tasiaɖamwo de asi anyigbatete me. Egiptetɔwo do ɣli be, “Mina míadzo le Israel nu. Yehowa le aʋa wɔm kpli mí na wo!”


Israelviwo zɔ anyigba ƒuƒui dzi hetso ƒu la, esime tsi la trɔ zu gli ɖe woƒe ɖusime kple miame.


Èwɔ dzesi gãwo kple nukunu triakɔwo le Egiptenyigba dzi eye nègale wo wɔwɔ dzi va se ɖe egbe sia, le Israel kple amegbetɔwo katã dome eye nèxɔ ŋkɔ gã na ɖokuiwò esi nye tɔwò va se ɖe fifia.


Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaŋlɔ nu siwo dzɔ ɖe mía tɔgbuitɔgbuiwo dzi le gbedadaƒo le blema la be o. Mawu na lilikpo nɔ ŋgɔ na wo, eye wòkplɔ wo va to Ƒu Dzĩ la me dedie.


To xɔse me Israelviwo tso Ƒu Dzĩ la abe anyigba ƒuƒui dzie wozɔ ene, gake esi Egiptetɔwo hã dze agbagba be yewoawɔ nenema la, wo katã tsi Ƒu Dzĩ la me.


Tete mawudɔla triakɔ aɖe tsɔ kpe aɖe si ƒe lolome anɔ abe wɔtute ene la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye wògblɔ be, “Aleae woatsɔ dziku kple ŋusẽ aƒu Babilonia, du gã la anyii, eye magafɔ gbeɖe o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa