Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 9:10 - Agbenya La

10 Èwɔ dzesi kple nukunu triakɔwo fia Fia Farao kple eƒe amewo, elabena ènya fu siwo Egiptetɔwo nɔ wo wɔm. Èxɔ ŋkɔ gã le nu gã siwo nèwɔ, eye womaŋlɔ wo be akpɔ o la ta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ewɔ dzesiwo kple nukunuwo ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã kpakple eƒe anyigba dzi dukɔ blibo la ŋu; elabena enya be, dadam wole ɖe wo ŋu, eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, abe alesi wògale egbe siawo ko ene.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 9:10
32 Mawu Ofanana  

Ke mía tɔgbuiwo nye dadalawo kple kɔlialiatɔwo, eye wogbe toɖoɖo wò Seawo.


Èhea to na wo ale be nàtrɔ wo ɖe wò seawo ŋu. Ke, togbɔ be wò seawo dzi wɔwɔe naa agbe ame hã la, wò amewo nye dadalawo, eye womeɖo to o, ke boŋ woyi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi.


Na woanya be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ la ɖe anyigba blibo la dzi.


Menya azɔ be Yehowa tri akɔ wu mawu bubu ɖe sia ɖe, elabena eɖe eƒe amewo tso Egiptetɔwo, ame siwo nye dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo la ƒe asi me.”


Eya ta mado nye asi ɖa ɖe Egipte ŋu, atsrɔ̃ wo kple nye nukunu siwo mawɔ le wo dome, ekema ana miayi.


Farao bia be, “Ame kae nye Yehowa be maɖo toe, eye maɖe asi le Israel ŋu? Nyemenya Yehowa o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋu o.”


Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mewɔ wò abe Mawu ene na Farao, eye nɔviwò ŋutsu Aron abe wò nyagblɔɖila ene.


Gake meɖe miaƒe agbe le susu sia ta be maɖe nye ŋusẽ afia mi, eye woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigba blibo la dzi.


Èkpɔ nu geɖe, gake mètsɔ wo de ta me o, wò towo le ʋuʋu ɖi, gake mèse naneke o.”


ame si dɔ eƒe ŋutikɔkɔe ƒe alɔ ƒe ŋusẽ be wòanɔ Mose ƒe nuɖusime la le? Afi ka ame si ma tsiwo le wo ŋgɔ be eƒe ŋkɔ nanyɔ tegbee,


Abe nyi si wokplɔ yina ɖe gbeɖuƒe ene la, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ na wogbɔ ɖe eme. Aleae nèkplɔ wò dukɔ lae be nàde bubuŋkɔ ɖokuiwò ŋu.


Èwɔ dzesi gãwo kple nukunu triakɔwo le Egiptenyigba dzi eye nègale wo wɔwɔ dzi va se ɖe egbe sia, le Israel kple amegbetɔwo katã dome eye nèxɔ ŋkɔ gã na ɖokuiwò esi nye tɔwò va se ɖe fifia.


Ke le nye ŋkɔ ta, mekplɔ wo do goe tso Egipte dukɔ la me. Mewɔ nu sia be womagado gu nye ŋkɔ le dukɔ siwo dome wonɔ, ame siwo dome meɖe ɖokuinye fia Israel le.


Ke azɔ la, nye Nebukadnezar, mekafu Dziƒo fia la, medoe ɖe dzi eye mede bubu eŋu elabena nu sia nu si wòwɔna la nɔa dzɔdzɔe eye eƒe mɔwo katã le eteƒe. Ame siwo zɔna dadatɔe la, etea ŋu bɔbɔa wo ɖe anyi.


Le esiawo katã teƒe la, èdo ɖokuiwò ɖe dzi, ɖe Dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu. Èna wofɔ eƒe kpluwo tso eƒe gbedoxɔ me vɛ na wò eye wò kple wò ame ŋkutawo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãviwo mieno wain le wo me. Èkafu klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe ƒe mawuwo, mawu siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu alo sea nu gɔme o. Mède bubu Mawu si lé wò agbe kple wò mɔwo katã ɖe eƒe asi me la ŋu o


“Azɔ la, O Aƒetɔ, mía Mawu, wò ame si kplɔ wò amewo do goe tso Egipte kple asi sesẽ eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, ŋkɔ si le ŋuwò va ɖo egbe sia, míewɔ nu vɔ̃ eye míeda vo.


Ale to nukunu geɖewo wɔwɔ me la, Mose kplɔ Israelviwo tso Egipte. Woto Ƒu Dzĩ la me, eye wozɔ mɔ to gbedzi ƒe blaene sɔŋ.


Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na Farao be, “Esia ta mefɔ wò ɖe tsitre, be maɖe nye ŋusẽ ɖe go afia le mewò, be woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigbawo katã dzi.”


Teƒe bubu kae miagate ŋu akpɔ ale si Mawu ɖe dukɔ aɖe tso kluvinyenye me, eye wòɖo dɔvɔ̃ dziŋɔwo ɖa, wɔ nukunu triakɔwo, eye wòhe aʋawɔwɔ kple ŋɔdzi vɛ la ƒe kpɔɖeŋu le? Nu sia tututue Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ na mi le Egipte le miawo ŋutɔ mia ŋkume.


miekpɔ kple miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo, xaxa sesẽwo, nukunuwo kple dzesi gãwo, asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi si Yehowa, wò Mawu la tsɔ kplɔ wò do goe la dzi la dzi nyuie. Yehowa, wò Mawu la awɔ nenema ke na ame siwo vɔ̃m nèle fifia.


Nenema ke, mi ɖekakpuiwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na ame tsitsiwo. Mido ɖokuibɔbɔ abe awu ene na mia ɖokuiwo, ale be miate ŋu asubɔ mia nɔewo, elabena, “Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la nu.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa