Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 8:7 - Agbenya La

7 Yesua, Bani, Serebia, Yamin, Akub, Sabetai, Hodia, Maaseya, Kelita, Azaria, Yozabad, Hanan kple Pelaya, ame siwo nye Levitɔwo la, woxlẽ Se la na ameawo esi wonɔ tsitre ɖe afi ma.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Dukɔ la tsi wo teƒe, eye Yesua. Bani, Serebya, Yamin, Akub, Sabetai, Hodiya, Maaseya, Kelita, Azarya, Yozabad, Xanan, Pelaya kple Lewi-viwo wode se la me na dukɔ la.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 8:7
27 Mawu Ofanana  

Tete Fia la trɔ ɖe ameha la gbɔ, ameawo tsi tsitre ɖe eŋkume be yewoaxɔ eƒe yayra eye wòyra wo.


Fia Hezekia kafu Levitɔwo le woƒe ha viviwo dzidzi ta. Ale ŋkekenyui la ɖuɖu yi edzi ŋkeke adre. Wosa akpedavɔwo eye amewo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.


Eɖo na Levitɔ siwo ŋu wokɔ eye wonye mawunyafialawo le Israel be, “Esi nubablaɖaka la le Solomo ƒe agbadɔ me azɔ ta la, megahiã be mianɔ ekɔm ɖe abɔta tso teƒe ɖeka yi teƒe bubu o eya ta miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ hena mawusɔbɔsubɔdɔwo wɔwɔ na Yehowa kple eƒe amewo.


Esi wònye be míaƒe Mawu la ƒe amenuvevesie nɔ mía dzi ta la, wokplɔ Serebia, ŋutsu si ŋu ŋutete geɖe nɔ la vɛ na mí, ame si nye Mahli, Levi ƒe dzidzimevi. Ke Mahli nye Levi ƒe vi, eye Levi nye Israel ƒe vi, kpe ɖe Serebia ƒe viŋutsuwo kple nɔvia ŋutsuwo ŋu, eye wo katã wole ame wuienyi.


Hodia, Hasum, Bezai,


Seraya, Azaria, Yeremia,


Sabetai kple Yozabad, ame siwo kpɔa dɔwɔlawo le gbedoxɔa godo dzi;


Agbonudzɔlawo: Akub, Talmon kple woƒe kpeɖeŋutɔwo, ame siwo dzɔa agboawo nu le ŋutsu alafa ɖeka kple blaadre-vɔ-eve (172).


kpe ɖe Azaria, Ezra, Mesulam,


Emegbe la, Levitɔ aɖewo wɔ dɔ le Rehum, Bani ƒe vi, te. Le woawo megbe la, Hasabia, ame si nye Keila nuto la ƒe afã dziɖula la kpɔ gli la ɖoɖo dzi le eya ŋutɔ ƒe nuto me.


Dɔwɔla siwo kplɔ wo ɖo la nɔ Ezer, Yesua ƒe vi, Mizpa dziɖula ƒe kpɔkplɔ te. Wowɔ dɔ le gli la ŋu tso Aʋawɔnuxɔ la gbɔ le gli la ƒe dzogoe dzi.


Benyamin, Hasub kple Azaria, Maaseya ƒe vi kple Anania ƒe tɔgbuiyɔvi woɖo gli la ƒe akpa siwo to woƒe aƒewo ŋu.


Ale ameawo kaka, woyi ɖadi ŋkekenyuinuwo ɖu, wono nu, eye woɖo nunanawo ɖe wo nɔewo kple hiãtɔwo. Enye dzidzɔŋkekenyui gã aɖe woɖu, elabena wokpɔ mɔnu se Mawu ƒe nya, eye wote ŋu se egɔme hã.


Agbalẽfiala Ezra de agba kɔkɔ aɖe si wowɔ kple ʋuƒo hena ŋkekea la dzi. Matitia, Sema, Anaya, Uria, Hilkia kple Maaseya, wonɔ tsitsre ɖe eƒe ɖusime, eye Pedaya, Misael, Malkiya, Hasum, Hasbadana, Zekaria kple Mesulam wonɔ tsitre ɖe eƒe miame.


Azɔ la, Ezra kafu Yehowa, Mawu gã la, eye ameawo katã gblɔ be, “Amen! Neva eme!” Wodo woƒe asiwo ɖe dziƒo, wobɔbɔ de ta agu, wotsyɔ mo anyi, eye wosubɔ Yehowa.


Woxlẽ Mawu ƒe Segbalẽ la na wo, eye woɖe eme wòkɔ ale gbegbe be, ameawo te ŋu se nu si xlẽm wole la gɔme.


Woxlẽ Seawo tso Yehowa, woƒe Mawu, ƒe Segbalẽ la me gaƒoƒo etɔ̃, eye wowɔ gaƒoƒo etɔ̃ bubu ŋu dɔ heʋu woƒe nu vɔ̃wo me hesubɔ Yehowa, woƒe Mawu la.


Levitɔ aɖewo nɔ agba la dzi, eye wonɔ Yehowa kafum kple aseyetsohawo. Ame siawoe nye, Yesua, Bani, Kadmiel, Sebania, Buni, Serebia, Bani kple Kenani.


eye miafia Israelviwo se siwo katã Yehowa de na mi to Mose dzi la ameawo.”


“Ele be Mawu ƒe nya kple nunya nado go tso nunɔla nu ɣe sia ɣi ale be amewo nasrɔ̃ Yehowa ƒe sewo tso egbɔ, elabena nunɔlae nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dɔla, eye wòle be amewo nava egbɔ hena nuxɔxlɔ̃ kple afɔɖoƒefiafia wo.


Levitɔwo afia Mose ƒe seawo Israel woasubɔ wò le dzudzɔdovɔsamlekpui kple numevɔsamlekpui la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa