Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 8:2 - Agbenya La

2 Ale le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nunɔla Ezra tsɔ Segbalẽ la do goe ɖe ameha la ŋkume, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ame siwo katã ate ŋu ase nu gɔme la woe ƒo ƒu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete nunɔla Ezra tsɔ se la va ameha la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa kpakple amesiame, si ale ŋu ase egɔme la ŋku me le dzinu adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 8:2
14 Mawu Ofanana  

Ame siawo katã wɔ ɖeka kple Israelvi bubumewo, eye woɖe adzɔgbe be Mawu ƒe fiƒode nava wo dzi ne womewɔ Yehowa ƒe Se siwo wòde na wo to Mose, Mawu ƒe dɔla la dzi o, eye woɖe adzɔgbe be woalé Yehowa, woƒe Aƒetɔ la ƒe Sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi.


Gbe ma gbe ke esi wonɔ Mose ƒe Seawo xlẽm la, wokpɔ be woŋlɔ ɖi be womaɖe mɔ na Amonitɔwo alo Moabtɔwo woasubɔ Mawu le gbedoxɔ la me o,


Gbe sia gbe, tso ŋkeke gbãtɔ dzi va se ɖe ŋkeke mamlɛtɔ dzi la, Ezra xlẽ Mawu ƒe Segbalẽ la na wo. Woɖu azã la ŋkeke adre, eye abe ale si wòle Sea nue ene la, woyɔ takpekpe le ŋkeke enyia gbe.


Ale Gɔvina Nehemia, nunɔla kple agbalẽfiala Ezra kple Levitɔ siwo nɔ nu fiam ameawo la, gblɔ na wo katã be, “Egbee nye ŋkeke kɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la, eya ta migaxa nu alo afa avi o,” elabena ameawo katã wonɔ avi fam esi wonɔ Se la me nyawo sem.


Le ɣleti sia ke ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia gbe la, Israelviwo gava kpe ta. Azɔ la, wotsi nu dɔ, ta akpanya, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me.


“Ame ka wòle didim be yeafia nue? Ame ka wòle eƒe gbedeasi la me ɖem na? Ɖevi siwo si woxɔ no le la loo alo vidzĩ siwo woɖe le no nua?


“Gblɔ na Israelviwo be, ‘Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ele be miadzudzɔ mia ɖokui, wòanye takpekpe kɔkɔe si dzi woaɖo ŋkui kple kpẽkuku.


“Ele be Mawu ƒe nya kple nunya nado go tso nunɔla nu ɣe sia ɣi ale be amewo nasrɔ̃ Yehowa ƒe sewo tso egbɔ, elabena nunɔlae nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dɔla, eye wòle be amewo nava egbɔ hena nuxɔxlɔ̃ kple afɔɖoƒefiafia wo.


“Woaɖu Kpẽwo ƒe Ŋkekenyui le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe. Ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe aɖe gbe ma gbe, eye womawɔ dɔ aɖeke o.


Elabena tso blema ke la, wogblɔ Mose ƒe se la na mí le du sia du me le ƒuƒoƒewo katã le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi na Yudatɔwo katã.”


“Ne woɖoe fiae, eye wònɔ eƒe fiazikpui dzi abe fia ene la, ekema ele be wòaŋlɔ se siawo katã tso agbalẽ si le Levitɔwo, ame siwo nye nunɔlawo la si me.


Exlẽ se siwo katã Mose de na wo kpɔ la hã na ameha blibo la, si me nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro siwo nɔ Israelviwo dome la hã nɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa