Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 8:17 - Agbenya La

17 Ame siwo katã trɔ tso aboyome la tu agbadɔwo, eye wonɔ wo me. Tso Yosua, Nun ƒe vi ƒe ŋkekewo me va se ɖe gbe ma gbe la, Israelviwo megaɖu azã sia kpɔ abe ale si woɖui gbe ma gbe ene o, eye woƒe dzidzɔkpɔkpɔ gbã go.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye ameha blibo si gbɔ tso aboyo me la, wɔ agbadɔwo, eye wonɔ agbadɔwo me, elabena tso Yosua, Nun vi la ŋɔli la Israel-viwo mewɔ alea kpɔ o vaseɖe ŋkeke ma dzi, eye wònye dzidzɔ ga ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 8:17
13 Mawu Ofanana  

Emegbe la, woɖu nu eye wono nu le Yehowa ŋkume kple dzidzɔ gã aɖe. Wogaɖo Fia David ƒe vi, Solomo, woƒe Fiae zi evelia kpe ɖe Fia David ŋu. Wosi ami nɛ le Yehowa ŋkume abe woƒe kplɔla ene eye wosi ami na Zadok abe woƒe Nunɔla ene.


Eva eme alea elabena womegaɖu ŋkekenyui sia tɔgbi kpɔ alea le Yerusalem le Solomo, Fia David ƒe vi ƒe ŋkekewo megbe o.


Tso Nyagblɔɖila Samuel ƒe ɣeyiɣi dzi la, womegaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la wòdze edzi alea kpɔ o, eye Israel fiawo dometɔ aɖeke mate ŋu aʋli ho kple Fia Yosia le ale si nunɔlawo, Levitɔwo kple ame siwo tso Yerusalem kple Yuda kple Israel ƒe akpa sia akpa sɔ gbɔe va ɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia me o.


Wosaa vɔ siawo ɖe gbe sia gbe ƒe hiahiãwo nu abe ale si dze ene, ɖe Dzudzɔgbewo, Dzinu Yeyewo kple ŋkekenyui etɔ̃ siwo woɖuna le ƒea me la nu. Esiawoe nye Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui, Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui kple Agbadɔ ƒe Ŋkekenyui.


Le nu si woŋlɔ ɖi nu la, woɖu agbadɔmeŋkekenyui, eye wosa numevɔ xexlẽme sinu woɖo na ŋkeke ɖe sia ɖe.


Nya la trɔ zu ŋutilã va nɔ mía dome, eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒe la. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ.


Ɖu ŋkekenyui sia le kɔkɔeƒe, afi si dzi Yehowa wò Mawu atɔ asii. Enye ɣeyiɣi vevi aɖe si dzi wòle be nàda akpe tɔxɛ na Yehowa, ɖe ale si wòyra wò le nuku siwo nèxa kple ale si wòyra wò le mɔ bubu geɖewo nu la ta. Ele be wòanye aseyetsoŋkekenyui gã aɖe.


Ame siawo katã va ku esime wogalé xɔse me ɖe asi ko. Womexɔ nu siwo ƒe ŋugbe wodo na wo la o, ɖeko wokpɔ wo, do dzaa na wo le adzɔge, eye woʋu eme be amedzrowo kple mɔzɔlawo yewonye le anyigba dzi le afii.


To xɔse me ewɔ nɔƒe ɖe ŋugbedodonyigba la dzi, eye wònɔ afi ma abe amedzro si le dzronyigba dzi la ene, elabena enɔ avɔgbadɔwo me. Nenema kee nye Isak kple Yakob ame siwo hã nye ŋugbedodo ma ke ƒe domenyilawo kplii.


Elabena nenye ɖe Yosua kplɔ wo yi dzudzɔ la mee la, anye ne Mawu magaƒo nu tso ŋkeke bubu aɖeke ŋu emegbe o.


Le Yehowa ƒe dɔla, Mose ƒe ku megbe la, Yehowa gblɔ na Yosua, Nun ƒe vi, ame si nye Mose ƒe kpeɖeŋutɔ la bena,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa