Nehemia 7:1 - Agbenya La1 Esi míewu gli la ɖoɖo nu, de ʋɔtru agboawo nu, eye míetia agbonudzɔlawo, hadzilawo kple Levitɔwo la, Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19131 Esime woɖo gliawo, eye mede agboawo vɔ la, woɖo agbonudzɔlawo, hadzilawo kple Lewi-viwo. Onani mutuwo |
Le ɣleti evelia me, le ƒe evelia me esi wova ɖo Mawu ƒe aƒe la me le Yerusalem la, Sealtiel ƒe vi, Zerubabel, Yozadak ƒe vi, Yesua kple wo nɔvi bubuawo, nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame siwo trɔ tso aboyome va Yerusalem la, dze dɔ la gɔme. Wotia Levitɔ siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la be woakpɔ Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔ dzi.
Le Se la nu la, ele be Israelviwo kple Levitɔwo natsɔ woƒe nunana siwo nye bli kple bubuawo, wain yeye kple ami la, ayi gbedoxɔ la me, eye woatsɔ wo ade kɔkɔeƒe ƒe nuwo me hena nunɔla siwo le subɔsubɔ wɔm kple agbonudzɔlawo kple hadzilawo ƒe ŋu dɔ wɔwɔ. “Ale mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be míagblẽ míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la ɖi o.”