Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 6:10 - Agbenya La

10 Gbe ɖeka la, meɖi tsa yi Semaya, Delaya ƒe vi, ame si nye Mehetabel ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si tu ʋɔ ɖe eɖokui nu le eƒe aƒe me la gbɔ, elabena egblɔ nam be, nya aɖe tso Mawu gbɔ gbɔna na ye. Esi meɖo la, egblɔ nam be, “Na míayi aɖabe ɖe gbedoxɔ la me, eye míatu ʋɔtruawo goŋgoŋgoŋ, elabena wogbɔna be woawu mí le zã sia me.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye meyi Semaya, Mehetabeel vi Delaya ƒe vi, amesi do ʋɔ ɖe eɖokui nu la ƒe me, eye wògblɔ bena. Mina míayi gbedoxɔ gãtɔ me le mawuƒe la me, eye míado gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo; elabena wogbɔna wu wò ge; zã mee wogbɔna wu wò ge.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 6:10
21 Mawu Ofanana  

Esi Baal Hanan, Akbor ƒe viŋutsu la hã ku la, Hadad ɖu fia ɖe eteƒe, eye eƒe fiadue nye Pau. Srɔ̃a ŋkɔe nye Mehetabel, Matred ƒe vinyɔnu kple Mezahab ƒe mamayɔvi.


Le gbedoxɔ la ƒe akpata gã kple xɔ titinatɔ ƒe gliwo megbe la, woɖo gli siwo me xɔŋuxɔewo le la ɖi godoo va kpe.


Yoas kple eƒe dzikpɔla be ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me ƒe ade le esime Atalia nɔ anyigba la dzi ɖum.


Ele be nàtsrɔ̃ Ahab ƒe ƒometɔwo katã; àtsrɔ̃ ŋutsu ɖe sia ɖe le Israel, ame ka kee wònye hã ele be nàtsrɔ̃e.’


Fia la tsɔ sikatreawo tso gbedoxɔ la me eye wògbã wo kakɛkakɛ. Etu gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo ale be ame aɖeke magasubɔ Mawu le afi ma o eye wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yerusalem ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi.


Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ ƒe ɣleti gbãtɔ me la, eʋu gbedoxɔ la eye wòdzra ʋɔtruawo ɖo.


Wotu ʋɔawo goŋgoŋgoŋ, wotsi akaɖi si nɔa bibim la eye womegadoa dzudzɔ alo sãa numevɔ hã o


Tso Harim ƒe dzidzimeviwo dome: Eliezer, Isiya, Malkiya, Semaya, Simeon,


Ale meyɔ Eliezer, Ariel, Semaya, Elnatan, Yarib, Elnatan, Natan, Zekaria kple Mesulam, ame siwo nye kplɔlawo, kpe ɖe Yoyarib kple Elnatan ŋu, ame siwo nye agbalẽnyala gãwo,


Mekpɔe dze sii be, Mawu medɔe o, ke boŋ egblɔ nya ɖi nam, elabena Tobia kple Sanbalat wodɔe be wòagblɔ nya sia ɖi.


Ame sia ame kaa aʋatso na ehavi, eye wovivia nu me, elabena woƒe nuyiwo blea ame.


Ame vɔ̃ɖiwo ɖo nugbe ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu heɖu aɖukli ɖe wo ŋuti.


Mawumavɔ̃la tsɔa eƒe nu gblẽa ehavi domee, ke woɖea ame dzɔdzɔe la to sidzedze me.


Yeremia gblɔ na Baruk be, “Mele ga me eya ta nyemate ŋu ayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.


Gbɔgbɔ la ge ɖe menye, eye wòna metso ɖe tsitrenu. Eƒo nu nam gblɔ be, “Yi, nàtu ɖokuiwo ɖe wò aƒe me.


“O, nunɔla ɖeka pɛ hã mele mia dome si atu gbedoxɔ ƒe ʋɔtruwo, ale be miadzudzɔ vɔsanu madzemadze siawo tsɔtsɔ va vɔsamlekpui la dzi oa?” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe, “eye miaƒe nu mele ŋunye nyom kura o, eye miaƒe nunana aɖeke hã medze ŋunye o.


“Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti. Wovaa mia gbɔ abe alẽwo ene, ke le wo me la, wonye amegaxi nyanyrawo.


Wolé fu Kekeli si tso dziƒo va la, elabena wodi vevie be yewoawɔ nu vɔ̃ le viviti me. Wote ɖa xaa tso Kekeli la gbɔ, elabena wovɔ̃ be yewoƒe nu vɔ̃wo adze le gaglãgbe.


Zitɔtɔ gã aɖe dzɔ le dua me le nya sia ta, eye wolé Paulo, hee do goe le gbedoxɔ la me hedo ʋɔa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa