Ale mehe nya kple dzila siawo, meƒo fi de wo, meƒo wo dometɔ aɖewo, menyɔ woƒe taɖa, eye mena woka atam le Mawu ŋkume gblɔ be, “Míagatsɔ mía vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo woaɖe o, alo míaɖe wo vinyɔnuwo na mía viŋutsuwo o, alo míawo ŋutɔ míaɖe wo o.
Esi mebu nu siawo katã ŋuti vɔ la, mebu fɔ bubumewo kple dɔnunɔlawo. Megblɔ na wo be, “Miele miawo ŋutɔ mia nɔviwo bam!” Ale meyɔ takpekpe gã aɖe na ame hahoawo ne maɖɔ nya sia ɖo.
Wò aɖaŋudela siawo katã aƒu du ava tum, woade ta agu, eye woaƒo koko be, ‘Míeɖe kuku, midzo enumake, eye mikplɔ miaƒe amewo katã dzoe.’ Nya sia koe adzɔ hafi madzo!” Mose do dɔmedzoe, eye wòdzo le fiasã la me.
Yesu tsa ŋku le ameawo dzi dzikutɔe, elabena eɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be, womesea veve ɖe wo nɔewo ti o. Azɔ egblɔ na amea be, “Dzɔ wò asi.” Amea wɔe, eye enumake eƒe asi gaɖɔ ɖo.