Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 2:20 - Agbenya La

20 Ke meɖo eŋu be, “Dziƒo ƒe Mawu la ana dzidzedze mí eƒe dɔlawo míagbugbɔ gli sia aɖo, ke miawo la, miaƒe asi manɔ dɔ sia me loo alo miakpɔ gome le Yerusalem alo axɔ ŋkɔ le ewɔwɔ me alo eƒe ɖe nanye mia tɔ o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Tete meɖo ŋu gblɔ na wo bena: Dziƒo Mawu la ana wòadze edzi na mi, eye mi, eƒe dɔlawo, míatso aɖo wo; ke miawo la gome kple nya kpakple ŋkɔa ɖeke mele mía si le Yerusalem o.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 2:20
21 Mawu Ofanana  

Le Zekaria ƒe agbenɔɣi la, Uzia dina ɣe sia ɣi be yeadze Mawu ŋu. Zaxarya nye ame si kpɔa ɖeɖefia tɔxɛwo tsoa Mawu gbɔ. Ŋkeke ale si fia la zɔ le Mawu ƒe ɖoɖowo nu ko la, nuwo dze edzi nɛ elabena Mawu yrae.


Ke Zerubabel, Yesua kple Israel ƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo ɖo ŋu na wo be, “Miakpɔ gome le gbedoxɔ tutu na míaƒe Mawu la me o. Míawo ɖeɖe míatui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la abe ale si Persia fia, Sirus de see na mí ene.”


Esi mese nya siawo la, menɔ anyi, eye mefa avi. Le nyateƒe me la, metsi nu dɔ ŋkeke geɖewo, eye mewɔ ɣeyiɣi ma ŋu dɔ hedo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la be,


Fia la biam be, “Ekema nu ka woawɔ na wò?” Medo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la,


“Fia la ƒe dɔnunɔlawo katã kple ame siwo katã le nutowo me la nya be ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe yi ɖe fia la gbɔ le xɔ titinatɔ me, evɔ fia la meyɔe o la, se ɖeka si le nu sia ŋuti koe nye be woawu amea. Negbe ɖeko fia la tsɔ eƒe sikatikplɔ ɖo ɖee hafi wòaɖe eƒe agbe. Ke ŋkeke blaetɔ̃e nye esi fia la meɖo du ɖem o.”


Aɖo hiãtɔwo ƒe gbedodoɖa ŋu, eye mado vlo woƒe kokoƒoƒo o.


Mido gbe ɖa, abia ŋutifafa na Yerusalem be, “Ame siwo lɔ̃ wò la nenɔ dedie.


Míado dzidzɔɣli ne èɖu dzi, eye míakɔ míaƒe aflagawo dzi le míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me. Yehowa awɔ nu siwo katã nèbiae la na wò.


Ke ame siwo dzɔ dzi be nètso afia nam la nedo dzidzɔɣli kple aseyetsoɣli. Wonenɔ gbɔgblɔm ɖaa be, “Woado Yehowa, ame si dzɔa dzi le eƒe dɔla ƒe dedinɔnɔ ŋu la ɖe dzi.”


Na nu nadze edzi na Zion le wò didi nyui la nu, eye nàɖo Yerusalem ƒe gliwo te.


Ale Aron atsɔ Israelviwo ƒe towo ƒe ŋkɔ siwo le akɔtawu la dzi aɖo eƒe dzi gbɔ abe Mawu ƒe nyametsonu ene, ne eyi Teƒe Kɔkɔe la. Nu sia anɔ ŋku ɖom Israelviwo dzi na Yehowa edziedzi.”


Lé fɔ ɖe dɔdeasi ɖe sia ɖe si le ŋuwò la ŋu, eye ne èvɔ̃a Mawu la, àte ŋu akpɔ mɔ na Mawu ƒe yayra.


mana ŋkuɖodzikpe kple ŋkɔ wo ɖe nye gbedoxɔ kple eƒe gliwo me, esi nyo wu viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Matsɔ ŋkɔ mavɔ si womate ŋu aɖe ɖa akpɔ gbeɖe o la na wo.


eye wòatsɔe ana Aron ƒe viŋutsuwo, nunɔlawo. Nunɔla la aɖe wɔ memee la kple ami la ƒe asiʋlo ɖeka akpe ɖe dzudzɔdonuawo katã ŋuti, eye wòafiae abe ŋkuɖodzinu ene le vɔsamlekpui la dzi, wòanye numevɔsa, ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Yehowa ŋu.


Woatsɔ wɔ memee kilogram wuieve ame abolo ɖe sia ɖe. Woawu lifi ɖe fli eveawo dzi. Esia anye dzovɔsa na Yehowa,


Woatsɔ fiakuku la na Heldai, Tobiya Yedaia kple Hen, Zefania ƒe vi, abe ŋkuɖodzinu ene le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.


Miku kpẽawo le dzidzɔɣiwo hã. Miku wo le miaƒe ƒe sia ƒe Ŋkekenyuiwo dzi kple dzinu yeye ɖe sia ɖe ƒe Ŋkekenyuiwo dzi. Miku kpẽawo hã ɖe miaƒe numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo hã ŋu, eye woanye ŋkuɖodzi na mi le miaƒe Mawu la ŋkume. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.”


Egblɔ nam be, ‘Kornelio, Mawu se wò gbedodoɖawo, eye wòkpɔ dzidzɔ le wò dɔmenyowɔwɔ ŋu.


Kornelio vɔ̃ ŋutɔ. Ɖeko wòke ŋku ɖe te gãa nɔ mawudɔla la kpɔm. Mlɔeba la, ebiae be, “Amegã, nya kae dzɔ? Nu ka dim nèle tso gbɔnye?” Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be, “Wò gbedodoɖa kple nunana ame dahewo va ɖo dziƒo le Mawu ŋkume abe ŋkuɖodzinunana ene.


Wɔƒe kple gomekpɔkpɔ aɖeke mele asiwò le subɔsubɔdɔ sia me o, elabena wò dzi menyo le Mawu ƒe ŋkume o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa