Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 2:18 - Agbenya La

18 Megblɔ ale si Mawu ƒe amenuveve ƒe asi le dzinyee kple ale si fia la gblɔ nam hã na wo. Woɖo eŋuti enumake be, “Enyo! Mina míagbugbɔ gli la aɖo!” Ale míedze dɔ nyui sia gɔme.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Megblɔ nye Mawu ƒe asi nyui, si le dzinye la na wo, eye meto fiaƒe nya, siwo wògblɔ nam la hã na wo. Tete wogblɔ bena: Míatso, eye míaɖo wo! Ale wodo ŋusẽ woƒe asiwo ɖe dɔ nyui la wɔwɔ ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 2:18
10 Mawu Ofanana  

Azɔ la, mele biabiam tso mia si be esi Saul ku la, mianye nye ame sesẽwo, eye miawɔ nuteƒe nam. Minɔ abe Yuda ƒe viwo, ame siwo tsɔm ɖo woƒe Fia yeye ene.”


David ƒe aʋawɔla xɔŋkɔtɔwo, ame siwo do ŋusẽ Israel ƒe kplɔlawo be woatsɔ David aɖo fiae abe ale si Yehowa gblɔ be ava eme ene la le ame etɔ̃.


“Lé dzi ɖe ƒo, eye na míawɔ aʋa la kalẽtɔe na míaƒe dukɔ kple míaƒe Mawu la ƒe duwo. Yehowa awɔ nu si nyo le eŋkume.”


Emegbe la, Hezekia gbugbɔ teƒe siwo duawo ƒe gliwo gbã le la tu hegaglã teƒe bubuwo eye wògaɖo gli bubu ɖe gbãtɔ godo. Egbugbɔ Milo mɔ la glã le David ƒe Du la me eye wòwɔ aʋawɔnu kple akpoxɔnu geɖewo.


Woɖu abolo maʋamaʋã ŋkekenyui la kple aseyetsotso, elabena Yehowa tsɔ dzidzɔ yɔ woƒe dziwo me, eye wòna Asiria fia ƒe dɔ me trɔ ɖe wo ŋu, wòkpe ɖe wo ŋu le Israel ƒe Mawu la ƒe aƒe la ƒe dɔwo me.


Kpe ɖe esia ŋu la, nàŋlɔ agbalẽ na Asaf, ame si kpɔa fia la ƒe ave dzi, eye nàna wòana atim hena daɖedziwo kple agbowo na mɔ si le gbedoxɔ la gbɔ, hena dua ƒe gliwo kple xɔ aɖe tutu na ɖokuinye.” Esi wònye be, nye Mawu ƒe amenuveve ƒe asi nɔ dzinye ta la, fia la lɔ̃ ɖe nye biabiawo dzi.


Mlɔeba la, misẽ ŋu le Aƒetɔ la me kple Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ triakɔ si le mia me la.


elabena Mawue le dɔ wɔm le mia me. Eyae kpena ɖe mia ŋu be miaɖo toe, eye miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.


Fiavi Yonatan yi David di ge azɔ. Edo goe le Hores eye wòdo ŋusẽe le eƒe mawudzixɔse me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa