Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 2:14 - Agbenya La

14 Emegbe la, míeyi ŋgɔ heva Vudogbo la kple fia ƒe ta la gbɔ, gake teƒea mekeke na lã si dom menɔ la be wòato ayi ŋgɔ o,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Emegbe meyi ŋgɔ heva vudogbo la kple fia ƒe la la gbɔ; ke teƒea ɖeke meli na lã, si le tenye la, be wòato ayi ŋgɔ o.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 2:14
7 Mawu Ofanana  

Togbɔ be Fia Hezekia wɔ nu sia hã la, Asiria fia ɖo eƒe aʋafia, aʋakplɔlawo ƒe amegã, gadzikpɔlawo ƒe tatɔ kple asrafo siwo le gbedzi la ƒe amegã ɖa tso Lakis kple aʋakɔ gã aɖe ɖe Fia Hezekia gbɔ le Yerusalem. Esi wova ɖo Yerusalem la, woƒu asaɖa anyi ɖe mɔ gã la to le afi si woɖaa avɔ le le Dzigbeta la to.


Woŋlɔ Hezekia ƒe ŋutinya mamlɛa, nu gã siwo wòwɔ abe ta kple tɔʋu siwo wòɖe ene kple ale si wòhe tsi va dua me la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.


Exe Gihon tɔsisi la ƒe Dzigbetɔʋu la ƒe nugbɔ eye wòɖe tɔʋu aɖe na tsi la be wòatsa ayi David ƒe Du la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo le Yerusalem.


Esi woɖo Tsidzidzigbo la gbɔ la, woɖo ta ŋgɔ tẽe, lia atrakpui siwo yi mɔ la gbɔ le David ƒe du xoxo la me. Tso afi sia la, woyi Tsigbo la gbɔ le ɣedzeƒe lɔƒo.


Salum, Kol Hoze ƒe vi, ame si kpɔa Mizpa nuto la dzi la wɔ dɔ le Tsidzidzigbo la ŋu. Egbugbɔe tu, gbae, hede ʋɔtru, ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo wo ŋu. Azɔ la, egbugbɔ gli la ɖo tso Siloam Ta la ŋu yi fia la ƒe abɔ gbɔ kple atrakpui siwo ɖiɖi tso Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me.


Le eya megbe la, Azbuk ƒe vi, Nehemia, ame si nye Bet Zur nuto la ƒe afã dziɖula la ɖo gli la va se ɖe teƒe si dze ŋgɔ David ƒe yɔdokpewo gbɔ heyi Tsita si amewo ɖe kple Kalẽtɔwo ƒe Aƒe gbɔ ke.


Meɖe tsitawo ale be mate ŋu aku tsi tso wo me ade ati siwo medo ɖe ave aɖe me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa