Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 13:31 - Agbenya La

31 Kpe ɖe esiawo ŋu la, mewɔ ɖoɖo ɖe nakenana ɖe ɣeyiɣi dzi kple nu gbãtɔwo nana hã ŋu. O! Nye Mawu, ɖo ŋku dzinye, le wò dɔmenyo la nu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 kple ɖoɖowo ɖe nakenana ɖe ɣeyiɣi dzi ŋu kpakple ɖe nu gbãtɔwo. Nye Mawu, ɖo ŋku edzi nam hena nye nyui.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 13:31
10 Mawu Ofanana  

“Míada akɔ be míanya ƒe sia ƒe ƒe ɣeyiɣi si dzi nunɔlawo, Levitɔwo kple kplɔlawo ƒe ƒometɔwo ana nake si ŋu dɔ woawɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe vɔsamlekpui dzi abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene.


“Míelɔ̃ ɖe edzi hã be míatsɔ míaƒe agblemenuku ɖe sia ɖe ƒe gbãtɔ, eɖanye nu si ɖona le to me alo tsena ɖe kutsetsetiwo kple amitiwo dzi o, ayi Yehowa ƒe aƒe me.


Nunɔla Aron ƒe dzidzimevi ɖeka anɔ Levitɔwo gbɔ ne wole nuwo ƒe ewoliawo xɔm, eye Levitɔwo atsɔ nu ewolia si woxɔ la ƒe ewolia ayi gbedoxɔ me, adzra ɖo ɖe nudzraɖoƒe la.


O! Nye Mawu, ɖo ŋku dɔ nyui sia si mewɔ la dzi, eye mègaŋlɔ nu siwo katã mewɔ le gbedoxɔ la ŋu be o.


Azɔ la, meɖe gbe na Levitɔwo be woakɔ wo ɖokui ŋuti, woadzɔ agboawo ŋu, eye woakpɔ egbɔ be ame sia ame wɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe. O! Nye Mawu, ɖo ŋku nye wɔna sia hã dzi! Ve nunye le wò lɔlɔ̃ sɔ gbɔ la nu.


O! Nye Mawu, ɖo ŋku nu siwo katã mewɔ na ame siawo la dzi, eye nàyram ɖe wo ta.


O! Yehowa, ɖo ŋku dzinye ne èle wò dukɔ la nu vem, va kpe ɖe ŋunye ne èle wo ɖem,


O! Yehowa, mègaɖo ŋku nye ɖekakpuimenu vɔ̃wo kple nye aglãdzemɔwo dzi o; ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò lɔlɔ̃ la ta, elabena nyuiwɔwɔ le mewò.


Eyi edzi be, “Yesu ɖo ŋku dzinye le wò fiaɖuƒe la me.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa