Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 13:26 - Agbenya La

26 Alo menye srɔ̃ sia tɔgbiwo ɖeɖee na be Israel fia Solomo wɔ nu vɔ̃ oa? Le dukɔ geɖewo me la, fia aɖeke mede enu o. Mawu lɔ̃ eya amea, eye wòɖoe fiae ɖe Israel katã dzi, gake dzronyɔnuwo blee de nu vɔ̃ me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Ɖe Israel-fia Salomo mewɔ nuvɔ̃ le esia ta oa? To egbɔ be, fiaa ɖeke mede enu le dukɔ geɖewo dome o, eye wonye ete Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ, eye Mawu tsoe ɖo fia ɖe Israel blibo la nu hã la, dutanyɔnuwo blee de nuvɔ̃ me.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 13:26
10 Mawu Ofanana  

Ame aɖeke meganɔ anyi kpɔ abe Ahab ene, ame si tsɔ eɖokui dzra na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋkume o elabena srɔ̃a Yezebel ye do ŋusẽe.


mawɔ nu si nèbia la na wò. Mana dzi nyanu kple dzi si sea nu gɔme la wò ale be tɔwò tɔgbi aɖeke manɔ anyi fifia loo alo akpɔ gbeɖe o.


Gawu la, matsɔ nu si mèbia o la hã akpee na wò, kesinɔnuwo kple bubu siaa, ale be le wò agbemeŋkekewo katã me la, fia aɖeke masɔ kpli wò o


Ale Fia Solomo ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi.


matsɔ nunya kple sidzedze si nèbia la na wò! Hekpe ɖe esiawo ŋu la, matsɔ kesinɔnuwo, ga kple bubu si tɔgbi nyemena fia aɖeke kpɔ haɖe o la, na wò! Gawu la, fia gã sia tɔgbi aɖeke maganɔ anyi akpɔ gbeɖe le xexe blibo la me o!”


Ale Fia Solomo de ŋgɔ wu anyigbadzifiawo katã le kesinɔnuwo kple nunya me.


Mègagblẽ wò ŋusẽ ɖe nyɔnuwo ŋu kple wò lãmeka ɖe ame siwo gblẽa fiawo dome la ŋu o.


Nyɔnu si nye gamɔ kple ɖɔ si ɖea ame la ƒe aɖi nu sẽna wu ku tɔ. Mawu naɖi be nàte ŋu asi le enu, ke nu vɔ̃ wɔla mesina le eƒe mɔtetrewo nu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa