Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 13:22 - Agbenya La

22 Azɔ la, meɖe gbe na Levitɔwo be woakɔ wo ɖokui ŋuti, woadzɔ agboawo ŋu, eye woakpɔ egbɔ be ame sia ame wɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe. O! Nye Mawu, ɖo ŋku nye wɔna sia hã dzi! Ve nunye le wò lɔlɔ̃ sɔ gbɔ la nu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye megblɔ na Lewi-viwo be, woakɔ wu ɖokui ŋu, eye woava dzɔ agboawo nu, ne woawo dzudzɔgbe la kɔkɔe. Nye Mawu, ɖo ŋu esia hã nam, eye nakpɔ tanye le wò amenuveve gã la nu!

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 13:22
26 Mawu Ofanana  

“Oo Yehowa, ɖo ŋku ale si mezɔ le ŋkuwòme le anukwareɖiɖi me kple ale si metsɔ nye dzi blibo la wɔ nu si nyo le ŋkuwò me la dzi.” Eye Hezekia fa avi vevie.


Ale Fia la ɖe gbe na nunɔlagã Hilkia kple nunɔla bubuawo kple agbonudzɔlawo be woaɖe nu siwo katã wowɔ na Baal, aƒeli kple dziƒoŋunuwo katã la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Etɔ dzo wo le Yerusalem dua godo le Kidron balime eye wòlɔ dzofi la yi Betel.


Le esia megbe la, nunɔlaawo wu gbɔ̃tsuawo eye wotsɔ woƒe ʋu sa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa le vɔsamlekpui la dzi be wòalé avu ɖe Israel blibo la nu abe ale si fia la ɖoe ene elabena fia la ɖo be woasa numevɔ la kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la ɖe dukɔ blibo la nu.


Hezekia ɖe gbe be woawɔ numevɔsa la le vɔsamlekpui la dzi. Esi wodze vɔsasa la gɔme la, hadzidzi na Yehowa hã dze egɔme eye kpẽkuku kple hadzidziŋunu siwo Israel fia David wɔ la kplɔe ɖo.


Fia Hezekia kple eŋumewo ɖe gbe na Levitɔwo be woakafu Yehowa kple David kple nukpɔla Asaf ƒe hagbewo. Ale wodzi kafukafuhawo kple dzidzɔ eye wode woƒe tawo agu hesubɔ.


Yesua nye Yoyakim fofo, Yoyakim nye Eliasib fofo, Eliasib nye Yoiada fofo,


Nunɔlawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu gbã, emegbe la, wokɔ ameawo, agboawo kple gli la hã ŋu.


O! Nye Mawu, ɖo ŋku dɔ nyui sia si mewɔ la dzi, eye mègaŋlɔ nu siwo katã mewɔ le gbedoxɔ la ŋu be o.


Kpe ɖe esiawo ŋu la, mewɔ ɖoɖo ɖe nakenana ɖe ɣeyiɣi dzi kple nu gbãtɔwo nana hã ŋu. O! Nye Mawu, ɖo ŋku dzinye, le wò dɔmenyo la nu.


O! Nye Mawu, ɖo ŋku nu siwo katã mewɔ na ame siawo la dzi, eye nàyram ɖe wo ta.


O! Israel, tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi, elabena lɔlɔ̃ matrɔ le Yehowa si, eye ɖeɖe blibo le eya amea gbɔ.


Ke nye ya, mava wò aƒe me to wò nublanuikpɔkpɔ gã la me. Matsɔ bubu ade ta agu ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la ŋgɔ.


O! Mawu, kpɔ nye nublanui le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta. Le wò dɔmenyo sɔgbɔ la nu, tutu nye dzidadawo ɖa.


“O! Yehowa, ɖo ŋku ale si metsɔ dzi blibo kple nyateƒe zɔ le ŋkuwò mee, eye mewɔ nu si nyo le ŋkuwòme la dzi.” Eye Hezekia fa avi kple ɣli.


Fiawo aɖu fofo na mia viwo, fia nyɔnuwo ana no mia viwo. Woade ta agu, atsyɔ mo anyi na mi le ŋkuwò me, eye woaɖuɖɔ ke le afɔŋu na wò. Ekema ànyae be nyee nye Yehowa, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔwo dana ɖe dzinye la, nyemenana ŋu kpea wo o.”


Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃ ŋu, eye ŋutasẽla neɖe asi le eƒe susu vɔ̃wo ŋu, netrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòakpɔ nublanui nɛ kple miaƒe Mawu la ŋu, elabena atsɔ wo akee faa.


Ke míawo hã, adegbe si míaƒe dzitsinya nana míeƒona lae nye be míeléa mía ɖokuiwo nyuie le xexe sia me, eye le mia dome hã la, míewɔ mía ɖokuiwo dzadzɛe, eye míetoa nyateƒe le nu sia nu me. Ke menye míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ mee míewɔ esiawo le o, ke boŋ wo katã tso Mawu ƒe amenuveve me.


Wɔ ɖe Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe abe ale si Yehowa, wò Mawu la de se na wòe ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa