Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 13:18 - Agbenya La

18 Mia fofowo wɔ nu sia tɔgbi, eye wohe dzɔgbevɔ̃e siwo li fifia la va miawo ŋutɔ kple miaƒe du la dzi. Ɖe esia mesɔ gbɔ na mi oa? Ke azɔ la, miegale Mawu ƒe dɔmedzoe flam ɖe Israelviwo ŋu ɖe edzi, to ɖiƒoƒo Dzudzɔgbe la to mɔ sia dzi me!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 De menye alea mía fofowo wɔ, eye Mawu he dzɔgbevɔ̃e siawo katã va mía kple nu sia dzi oa? Azɔ míegale dɔmedzoe dzim ɖe dzi hena Israel, eye míele kɔ gblẽm ɖo na dzudzɔgbe laa?

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 13:18
16 Mawu Ofanana  

“Míelɔ̃ ɖe edzi be míadzɔ nu ƒe sia ƒe na gbedoxɔ la, ale be ga nasɔ gbɔ ɣe sia ɣi hena mía Mawu la ƒe gbedoxɔ la dzikpɔkpɔ,


Yehowa yi edzi gblɔ na Mose be,


Gake ne miegbe toɖoɖom, miewɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe o, mietsɔ agba to Yerusalem ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi la, ekema mado dzo matsimatsi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu eye wòafia eƒe mɔ sesẽwo.’ ”


Esi Yehowa magate ŋu atsɔ miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo kple miaƒe ŋunyɔnu siwo miewɔ o ta la, miaƒe anyigba zu ɖiŋudonu, aƒedo kple gbegbe eye amewo meganɔ dzi o, abe ale si wòle egbea ene.


Esi miedo dzudzɔ ʋeʋĩ, hewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu eye mieɖo toe alo wɔ eƒe sewo, ɖoɖowo kple dɔdeasiwo dzi o tae dzɔgbevɔ̃e sia va mia dzi ɖo, abe ale si miele ekpɔm egbea ene.”


Ɖe mieŋlɔ nu vɔ̃ɖi si mia fofowo, Yuda fiawo kple fiasrɔ̃wo wɔ kple nu vɔ̃ɖi siwo miawo kple mia srɔ̃wo miewɔ le Yudanyigba dzi kple Yerusalem kpɔdomewo bea?


Woaɖe wò avɔwu ɖa le ŋuwò, eye woatsɔ wò sikanuwo adzoe.


Meɖe asi le gbolowɔwɔ si gɔme wòdze le Egipte la ŋu o. Le eƒe ɖetugbime la, ŋutsuwo dɔna kplii, lia asi eƒe akɔnu hewɔa ahasi kplii vivivo.


“Ne miegagbe toɖoɖom kokoko la, mahe to na mi vevie zi adre ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta.


ekema mana nye dɔmedzoe sesẽ la nabi ɖe mia ŋu, eye mana tohehe si dzi ŋɔ zi adre wu tsãtɔwo la nava mia dzi le miaƒe nu vɔ̃wo ta.


Mi ame siwo le gbɔgblɔm be, “Gbe ka gbe dzinu yeye nu le yiyi ge ne míadzra bli, eye Dzudzɔgbe nu le yiyi ge ne míaʋu avawo nu?” Míatsɔ nudanu suewo kple nudzidzenu miamiawo anɔ ame bamii.


“Ke miawo hã, mi vɔ̃ wɔlawo ƒe dzidzimeviwo, miegale nu ma tututu wɔm! Miawo miesɔ gbɔ wu woawo, eya ta Yehowa ƒe dziku ɖe miawo ŋu nu asẽ ɖe miawo dzi fifia wu ɖe woawo dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa