Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 13:10 - Agbenya La

10 Kpe ɖe esia ŋu la, mese be womele nu siwo nye Levitɔwo tɔ la tsɔm na wo o, ale woawo kple hadzihamenɔla siwo naa kpekpeɖeŋu le sɔlemedede me la gbugbɔ yi ɖanɔ dɔ wɔm le woƒe agblewo me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye mese be, womena Lewi-viwo ƒe gome wo o, eyata Lewi-viwo kple hadzilawo, emesiwo woa subɔsubɔdɔ la, do me amesiame yi eƒe agble me.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 13:10
11 Mawu Ofanana  

Hekpe ɖe esiawo ŋu la, Fia Hezekia na be Yerusalemtɔwo natsɔ woƒe nuwo ƒe ewolia vɛ na nunɔlawo kple Levitɔwo ale be magahiã be woawɔ dɔ bubuwo o, ke boŋ woalé fɔ ɖe dɔ siwo Mawu ƒe se la ɖo na wo la ko ŋu vevie.


“Kpe ɖe esiawo ŋu la, woatsɔ nuawo adzra ɖo ɖe míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la me. Nu siawoe nye míaƒe bli kple agblemenuku siwo ɖi bli la ƒe nyuitɔwo, míaƒe nudzɔdzɔwo, míaƒe kutsetse gbãtɔwo kple míaƒe wain yeye kple ami ƒe gbãtɔwo. Míedo ŋugbe be, míatsɔ míaƒe agblemenuku ɖe sia ɖe ƒe ewolia ɖeka na Levitɔwo, ame siwo ƒe dɔ wònye be woaxɔ nu ewoliawo ƒe ɖekawo le ame siwo le du suewo kple kɔƒewo me la si.


Le Se la nu la, ele be Israelviwo kple Levitɔwo natsɔ woƒe nunana siwo nye bli kple bubuawo, wain yeye kple ami la, ayi gbedoxɔ la me, eye woatsɔ wo ade kɔkɔeƒe ƒe nuwo me hena nunɔla siwo le subɔsubɔ wɔm kple agbonudzɔlawo kple hadzilawo ƒe ŋu dɔ wɔwɔ. “Ale mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be míagblẽ míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la ɖi o.”


Ale fifia, le Zerubabel kple Nehemia ŋɔli la, Israel blibo la naa gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu hadzihamenɔlawo, agbonudzɔlawo kple Levitɔwo. Levitɔwo hã tsɔa nu si woxɔna la ƒe akpa aɖe na Aron, nunɔla la ƒe dzidzimeviwo.


Mètsɔa wò alẽwo saa numevɔ nam loo alo tsɔa wò akpedavɔsa dea bubu ŋunye o. Nyemetsɔ nuɖuvɔsawo do agbae na wò o alo ɖe fu na wo be nàtsɔ dzudzɔʋeʋĩdonu vɛ nam o.


“Ɖe amegbetɔ ate ŋu ada adzo Mawu hafi miawo ya mieda adzom mahã? “Ke míebia be, ‘Aleke míeda adzo wòe?’ “Mieda adzo nye nu ewolia kple nunana siwo nye tɔnye la eye mietsɔa wo nam o.


“Na Israelviwo natsɔ du tɔxɛ aɖewo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la ana Levi ƒe viwo abe woƒe domenyinu ene.


Mikpɔ nyuie be miagaŋlɔ Levitɔwo be o, zi ale si mienɔ miaƒe anyigba dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa