Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 12:44 - Agbenya La

44 Gbe ma gbe la, woɖo ŋutsu aɖewo be woakpɔ nudzraɖoƒewo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo, nu ewoliawo nana kple nuŋeŋe gbãtɔwo nana dzi, eye woaxɔ nu siawo tso agblewo me abe ale si Mose ƒe Sewo ɖoe da ɖi ene. Wotsɔ nunana siawo na nunɔlawo kple Levitɔwo, elabena Yuda ƒe viwo kpɔ ŋudzedze le nunɔlawo kple Leviviwo ƒe dɔwɔwɔ ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 Gbemagbe wodo ŋutsuwo nudzraɖoƒexɔ, siwo me nudzɔdzɔ, nu gbãtɔwo kple nuwo ƒe ewolia le la nu, be woadzɔ nu tso agblededuwo me ade wo me na nunɔlawo kple Lewi-viwo, abe alesi wode see ene; elabena Yuda kpɔ dzidzɔ le nunɔla kple Lewi-vi, siwo tsi tre ɖi,

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 12:44
17 Mawu Ofanana  

Levitɔwo ƒe dɔe nye be, woakpe ɖe Aron ƒe dzidzimeviwo ŋu le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe dɔwo wɔwɔ me. Woawoe akpɔ, xɔxɔnuawo, xɔŋuxɔewo, nu kɔkɔeawo ŋu kɔkɔ ƒe wɔnawo dzi kple dɔ bubuwo wɔwɔ le Mawu ƒe aƒe la me.


Levitɔ bubuawo kpɔa gbedoxɔ la ƒe gadzraɖoƒe kple nudzraɖoƒe siwo me wodaa nu siwo wotsɔ vɛ na Mawu la dzi.


Wotsɔ Mawu ƒe aƒe la ƒe xɔwo kple nudzraɖoƒewo ƒe dzikpɔkpɔ de asi na agbonudzɔlagã eneawo, ame siwo nye Levitɔwo.


“Abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene la, míelɔ̃ ɖe edzi be míatsɔ míaƒe viŋutsu tsitsitɔwo kple míaƒe nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ana Yehowa. Míatsɔ wo na nunɔla siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le gbedoxɔ la me.


Woayra ame si ɖoa tom, nɔa ŋudzɔ le nye ʋɔtru nu gbe sia gbe eye wòlalana le nye kpui nu


gake ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la ƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me. Woadzo ayi dzi abe hɔ̃wo ene. Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o. Woazɔ azɔli, gake nu mati kɔ na wo o.


Ke Aron ƒe viŋutsuwo koe awɔ nunɔlawo ƒe dɔdeasiwo. Ame bubu ɖe sia ɖe si atɔ asi akɔ be yeawɔ nunɔlawo ƒe dɔ la, woawui.”


Ne wò nunanae nye be nàsubɔ ame bubuwo la, ekema nàsubɔ wo nyuie. Ne ènye nufiala la, nàfia nu nyuie.


Ele be woatsɔ vɔsanuwo kple nunana bubuawo nɛ, abe nu si dze be woatsɔ nɛ la ene, eye menye ne nu siawo le ehiãm la ko o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa