Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 12:35 - Agbenya La

35 Kpe ɖe ame siawo ŋu la, nunɔla siwo lé kpẽ ɖe asi kple Zekaria, Yonatan ƒe vi, Semaya ƒe vi, Matania ƒe vi, Mikaya ƒe vi, Zakur ƒe vi, Asaf ƒe vi,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Nunɔlawo ƒe viwo dometɔa ɖewo, siwo tsa kpẽwo ɖe asi, wonye: Zaxarya, Yonatan vi, amesi nye Semaya vi, amesi nye Matanya vi; amesi nye Mixaya vi, amesi nye Zakur vi, amesi nye Asaf vi.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 12:35
10 Mawu Ofanana  

Tso Asaf ƒe viŋutsuwo dome: Zakur, Yosef, Netania kple Asarela. Asaf ƒe viwo nɔ Asaf ƒe kpɔkplɔ te, ame siwo gblɔa nya ɖi nɔ fia la ŋutɔ ƒe kpɔkplɔ te.


eya ta, mikpɔe ɖa, Mawu le mía dzi, eyae nye míaƒe Kplɔla. Eƒe nunɔlawo atsɔ kpẽkuku akplɔ mí míaho aʋa ɖe mia ŋu. Oo Israelviwo, migawɔ aʋa kple Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la o elabena miate ŋu aɖu dzi o!”


Levitɔ siwo nye haƒolawo, Asaf, Heman, Yedutun kple wo viŋutsuwo kple woƒe ƒometɔwo nɔ vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe, wodo aklalawu eye wonɔ gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒom. Nunɔla alafa ɖeka blaeve (120) kpe ɖe wo ŋu eye wonɔ kpẽwo kum.


Matania, Mika ƒe vi. Mika fofoe nye Zabdi, Asaf ƒe vi. Mataniae nye ame si dzea akpedasɔlemewo gɔme kple gbedodoɖa. Bakbukia kple Abda, Sanua ƒe vi nye eƒe kpeɖeŋutɔwo. Samua fofoe nye Galal, Yedutun ƒe vi.


Yuda, Benyamin, Semaya kple Yeremia ŋu.


kple eƒe kpeɖeŋutɔwo, Semaya, Azarel, Milalai, Milalai, Gilalai, Mai, Netanel, Yuda kple Hanani la tsɔ woƒe haƒonuwo abe ale si David, Mawu ƒe ame la ɖoe da di ene. Ezra, agbalẽfiala la nɔ ŋgɔ na ameha la.


Na nunɔla adre ɖe sia ɖe natsɔ lãdzokpẽwo ɖe asi, eye woadze ŋgɔ na nubablaɖaka la. Le ŋkeke adrelia gbe la, wò kple wò aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã du la zi adre le esime nunɔlaawo anɔ kpẽawo kum.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa