Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 12:30 - Agbenya La

30 Nunɔlawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu gbã, emegbe la, wokɔ ameawo, agboawo kple gli la hã ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Nunɔlawo kple Lewi-viwo kɔwo ɖokui ŋu, eye woke dukɔ la, agboawo kple gliawo ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 12:30
14 Mawu Ofanana  

Eya ta Yakob gblɔ na eŋumewo katã be woagblẽ aklamakpakpɛ siwo katã wotsɔ ɖe asi vɛ la ɖi, woale tsi, eye woaɖɔli woƒe awuwo.


Ale Nunɔlawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋuti hedzra ɖo ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la tsɔtsɔ gbɔe ŋu.


Ke nunɔlawo mesɔ gbɔ na numevɔ la sasa o, ale wo nɔvi Levitɔwo kpe ɖe wo ŋu va se ɖe esime wowu dɔ la nu eye va se ɖe esime nunɔla geɖewo va dɔwɔƒe la; elabena Levitɔwo nɔ klalo be yewoakɔ yewo ɖokuiwo ŋu wu ale si nunɔlawo nɔ klaloe.


eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Levitɔwo! Mikɔ mia ɖokuiwo ŋu fifia eye miakɔ Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ la hã ŋu. Miɖe gudoamenuwo katã ɖa le Kɔkɔeƒe la.


Ale Israelvi siwo katã gbɔ tso aboyome la ɖui kple ame siwo katã kɔ wo ɖokuiwo ŋu tso trɔ̃subɔla siwo dome wole ƒe kɔnyinyiwo me, be woadi Yehowa, Israel ƒe Mawu la.


kple Bet Gilgal kple Geba nutowo me kple Azmavet, elabena woƒe hadzilawo tso kɔƒewo na wo ɖokuiwo le Yerusalem gbɔ.


Azɔ la, meɖe gbe na Levitɔwo be woakɔ wo ɖokui ŋuti, woadzɔ agboawo ŋu, eye woakpɔ egbɔ be ame sia ame wɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe. O! Nye Mawu, ɖo ŋku nye wɔna sia hã dzi! Ve nunye le wò lɔlɔ̃ sɔ gbɔ la nu.


Ale mekɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ŋu tso dzronuwo me, eye mena dɔ wo, ame sia ame kple etɔ.


Ne kplɔ̃ɖoɖo la dze wo dzi kpe ɖo vɔ la, Hiob dɔa ame ɖa woɖakɔa wo ŋuti. Esaa numevɔ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe nu, le ŋdi kanya elabena esusuna be, “Ɖewohĩ vinyewo wɔ nu vɔ̃ eye wodo ɖiŋu na Mawu le woƒe dziwo me.” Esiae Hiob wɔna ɖaa.


Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Yi dukɔ la gbɔ, eye nàkpɔ be ameawo le klalo na nye vava. Kɔ wo ŋuti egbe kple etsɔ, eye nàna woanya woƒe awuwo.


Mose gblɔ na wo be, “Midzra ɖo na Mawu ƒe vava le ŋkeke eve megbe. Migadɔ kple nyɔnu aɖeke o.”


Wotiaa nunɔlagã ɖe sia ɖe tso amegbetɔwo dome, eye wodea dɔ asi nɛ be wòanɔ ŋgɔ na yewo le mawusubɔsubɔ ƒe nyawo me, eye wòatsɔ nunanawo kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo aɖo Mawu ŋkume.


Esia tae wòle be wòasa vɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ kple ame bubuwo ƒe nu vɔ̃wo ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa