Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 11:30 - Agbenya La

30 Zanoa, Adulam kple woƒe kɔƒewo, Lakis kple eƒe agblewo kpakple Azeka kple eƒe duwo. Ale ameawo ƒe nɔƒe tso Beerseba va yi Hinom balime la to.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Zanoax, Adulam kple eƒe agbletawo, Laxis kple eƒe agblewo me, Azeka kple eƒe kɔƒewo me. Eye womlo ɖe nu tso Beer-Seba vaseɖe Hinom-bali la me.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 11:30
18 Mawu Ofanana  

Ale Abraham fɔ ŋdi kanya, tsɔ nuɖuɖu kple tsi na Hagar, eye wòdo mɔ eya kple wo vi Ismael. Hagar zɔ mɔ kple via yi gbedzi le Beerseba. Menya afi si tututu wòyina o.


Viŋutsu wuieve siawo nye Ismael vi siwo va zu fia na to wuieveawo, eye wotsɔ woƒe ŋkɔwo na toawo.


Le esia megbe la, fia la do gu Tofet si nɔ Ben Hinom ƒe Balime, ale be ame aɖeke magate ŋu atsɔ via ŋutsuvi alo via nyɔnuvi awɔ dzovɔsae na Molek o.


Enrimɔn, Zora, Yarmut,


Benyamin ƒe dzidzimeviwo tso Geba nɔ Mikmas, Aya, Betel kple eƒe kɔƒewo,


Ame siwo gbugbɔ Balimegbo la ɖɔɖola woe nye Hanun kple Zanoatɔwo. Wode agbomedegawo kple ʋɔmedegawo eŋu. Azɔ la, wogbugbɔ gli la ƒe akpa si ƒe didime anɔ abe mita alafa ene blaatɔ̃ ene la tu va se ɖe Aɖukpogbo la nu.


Esi aʋafia la se be Asiria fia dzo le Lakis la, eya hã ho dzo, eye wòke ɖe fia la ŋu wònɔ aʋa wɔm kple Libna.


ne miayi ɖe Ben Hinom ƒe Balime si te ɖe agbo si woyɔna be Zemegbo la ŋu. Le afi ma la, ɖe gbeƒã nya siwo magblɔ na wò.


Eya ta Yehowa be mikpɔ nyuie elabena ŋkekewo li gbɔna, esi amewo magayɔ teƒe sia be Tofet alo Ben Hinom ƒe Balime o, ke boŋ woayɔe be Kubalime.


Wotu nuxeƒewo na Baal le Ben Hinom ƒe Balime, ne woatsɔ wo viŋutsuviwo kple wo vinyɔnuviwo asa vɔe na Molek, evɔ nyemeɖo nu sia na wo gbeɖegbeɖe alo wòayi nye ta me va ge, be woawɔ ŋunyɔnu sia eye woakplɔ Yuda ade nu vɔ̃ me o.


Mi ame siwo le Maresa, makplɔ aʋakɔ aƒu mi, woaɖu mia dzi, ale Israel ƒe ŋutikɔkɔe ava Adulam.


eya ta Adoni Zedek, Yerusalem fia ɖo du ɖe fia siawo: Hebron fia, Hoham, Yarmut fia, Piran, Lakis fia, Yafia kple Eglon fia, Debir.


Libna fia ɖeka, Adulam fia ɖeka,


Lakis, Bozkat, Eglon,


Liƒo la to Ben Hinom ƒe Balime azɔ, to Yebus, afi si wotso Yerusalem ɖo ƒe dziehe lɔƒo, to ɣetoɖoƒe yi toawo dzi le Ben Hinom ƒe Balime tame heyi ɖase ɖe Refaim ƒe balime ƒe seƒe le dzigbeme.


heyi to si le Ben Hinom ƒe Balime le Refaim ƒe balime ƒe anyiehe gome. Etso afi ma, heto Hinom ƒe balime hetrɔ yi dziehe gome, afi si Yebusitɔwo nɔ, eye wòyi ɖatɔ En Rogel.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa