Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 11:17 - Agbenya La

17 Matania, Mika ƒe vi. Mika fofoe nye Zabdi, Asaf ƒe vi. Mataniae nye ame si dzea akpedasɔlemewo gɔme kple gbedodoɖa. Bakbukia kple Abda, Sanua ƒe vi nye eƒe kpeɖeŋutɔwo. Samua fofoe nye Galal, Yedutun ƒe vi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Matanya, Mixa vi, amesi nye Zabdi vi, amesi nye Asaf vi, eya nye kafukafuha ƒe henɔ, amesi doa „Mida akpe“ ɖa ɖe gbedodoɖa, kple Bakbukya, amesi nye evelia tso nɔvlawo dome, kpakple Abda, Samua vi, amesi nye Galal vi, amesi nye Yedutun vi.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 11:17
15 Mawu Ofanana  

Viŋutsuvi sue aɖe nɔ Mefiboset si; eŋkɔe nye Mika. Ziba ƒe aƒemetɔwo katã zu Mefiboset ƒe subɔlawo.


Etia Levitɔ aɖewo be woanɔ nublaɖaka la ŋgɔ anɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la kafum, anɔ akpe dam nɛ eye woanɔ eƒe yayra biam ɖe amewo dzi madzudzɔmadzudzɔe. Ame siwo wode dɔ sia asi na la woe nye:


David gatia Heman kple Yedutun kple ame bubu aɖewo, ame siwo ŋkɔwo wode dzesi la be woada akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve si li ɖaa la ta.


Levi ƒe vi bubu siwo trɔ gbɔ la woe nye: Bakbakar, Heres, Galal, Matania, Mika ƒe vi, ame si nye Zikri ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe vi;


Zakur, Serebia, Sebania,


Sabetai kple Yozabad, ame siwo kpɔa dɔwɔlawo le gbedoxɔa godo dzi;


Levitɔ siwo nɔ Yerusalem la nɔ ame alafa eve kple blaenyi-vɔ-ene (284).


Le ɣe ma ɣi me la, Levitɔwo ƒe tatɔwoe nye: Hasabia, Serebia kple Yesua, Kadmiel ƒe vi. Woƒe kpeɖeŋutɔwo tsia tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye wokpena ɖe wo ŋu le kafukafu kple akpedada wɔnawo me abe ale si David, Mawu ƒe ame la ɖoe da ɖi ene.


Agbonudzɔla siwo dzɔa nudzɔdzɔwo dzraɖoƒewo ƒe agboawo nu ŋu la woe nye: Matania, Bakbukia, Obadia, Mesulam, Talmon kple Akub.


Mekplɔ Yudatɔwo ƒe kplɔlawo yi gli la tame, eye mena hã be hadziha gã eve nadzi akpedaha. Hadziha ɖeka azɔ gli la tame ato ɖusime aɖo ta Akɔligbo la gbɔ.


Ɖoɖo be hafialawo nakplɔ hadzilawo le kafukafuhawo kple akpedahawo dzidzi na Mawu me la li xoxo tso David kple Asaf ŋɔli.


Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe kpakple akpedada gblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa