Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 10:39 - Agbenya La

39 Le Se la nu la, ele be Israelviwo kple Levitɔwo natsɔ woƒe nunana siwo nye bli kple bubuawo, wain yeye kple ami la, ayi gbedoxɔ la me, eye woatsɔ wo ade kɔkɔeƒe ƒe nuwo me hena nunɔla siwo le subɔsubɔ wɔm kple agbonudzɔlawo kple hadzilawo ƒe ŋu dɔ wɔwɔ. “Ale mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be míagblẽ míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la ɖi o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Eye ne Lewi-viwo le nuawo ƒe ewolia dzɔm la, nunɔla, si nye Aron vi la, nanɔ Lewi-viawo gbɔ, eye Lewi-viawo natsɔ nuawo ƒe ewolia ƒe ewolia ayi nudzradoƒexɔwo me le mía Mawu ƒe aƒe la me.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 10:39
12 Mawu Ofanana  

Ale wotrɔ yi dua me ɖagblɔ nya si dzɔ la na agbonudzɔlawo be, “Míede Siriatɔwo ƒe aʋakɔ ƒe asaɖa me, eye ame aɖeke menɔ afi ma o! Wode ka woƒe sɔwo kple tedziwo, nu sia nu nɔ eteƒe le asaɖa la me gake ame aɖeke kura menɔ asaɖa la me o.”


Hezekia ɖe gbe be woatu nudzraɖoƒexɔwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, ale wowɔe nenema.


Tete wowɔ nuteƒe hetsɔ woƒe nudzɔdzɔwo, nu ewoliawo kple nunana si woɖe ɖe aga la vɛ. Konania, Levitɔ, nɔ nu siawo nu eye nɔvia ŋutsu. Simei, nye ame si nye eƒe kpeɖeŋutɔ.


Ale fifia, le Zerubabel kple Nehemia ŋɔli la, Israel blibo la naa gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu hadzihamenɔlawo, agbonudzɔlawo kple Levitɔwo. Levitɔwo hã tsɔa nu si woxɔna la ƒe akpa aɖe na Aron, nunɔla la ƒe dzidzimeviwo.


Le Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe aƒe la ta, madi dzidzedze na wò.


“Ƒo nu na Levi ƒe viwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miexɔ nu ewolia si metsɔ na mi abe miaƒe domenyinu ene tso Israelviwo si la, ele na mi be miatsɔ nu ewolia mawo ƒe ewolia abe vɔsa na Yehowa ene.


“Gblɔ na Levi ƒe viwo be, ‘Ne mieɖe nyuitɔwo na adzɔe la, woabui na mi abe ɖe wotso miawo ŋutɔ miaƒe lugbɔƒe alo miaƒe wainfiaƒe ene.


“Migaɖu miaƒe bli, ano wain yeye, alo ami ƒe ewolia o, miaƒe alẽha alo nyiha ƒe ŋgɔgbeviwo kple nu sia nu si mieɖe adzɔgbe be miana, lɔlɔ̃nununana loo alo nunana tɔxɛwo le mia ŋutɔwo ƒe du me o.


Migana míagbɔdzɔ le míaƒe takpeƒewo dede me o, abe ale si ame aɖewo tsɔe ɖo dɔe nɔa kuvia wɔm ene o, ke boŋ mina míade dzi ƒo na mía nɔewo, vevietɔ esi mienyae be eƒe ŋkeke la te tu aƒe kpokploe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa