Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 10:37 - Agbenya La

37 “Kpe ɖe esiawo ŋu la, woatsɔ nuawo adzra ɖo ɖe míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la me. Nu siawoe nye míaƒe bli kple agblemenuku siwo ɖi bli la ƒe nyuitɔwo, míaƒe nudzɔdzɔwo, míaƒe kutsetse gbãtɔwo kple míaƒe wain yeye kple ami ƒe gbãtɔwo. Míedo ŋugbe be, míatsɔ míaƒe agblemenuku ɖe sia ɖe ƒe ewolia ɖeka na Levitɔwo, ame siwo ƒe dɔ wònye be woaxɔ nu ewoliawo ƒe ɖekawo le ame siwo le du suewo kple kɔƒewo me la si.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 Woatsɔ mía viŋutsuwo kple míaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo kpakple míaƒe nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo ava mía Mawu ƒe aƒe la me na nunɔla, siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le mía Mawu ƒe aƒe la me, abe alesi woŋlɔe ɖe se la me ene.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 10:37
23 Mawu Ofanana  

Israelvi kple Yudatɔ siwo nɔ Yuda duwo me la hã tsɔ woƒe lãwo ƒe ewolia ƒe ɖeka kple nu kɔkɔe si wodzra ɖo na Yehowa, woƒe Mawu la ƒe ewolia ƒe ɖeka vɛ eye woli kɔ wo.


Kpe ɖe esia ŋu la, mese be womele nu siwo nye Levitɔwo tɔ la tsɔm na wo o, ale woawo kple hadzihamenɔla siwo naa kpekpeɖeŋu le sɔlemedede me la gbugbɔ yi ɖanɔ dɔ wɔm le woƒe agblewo me.


Ale Yudatɔwo katã gade asi woƒe bli, wain yeye kple ami ƒe ewoliawo tsɔtsɔ va gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo me.


trɔ nudzraɖoxɔawo dometɔ ɖeka wòzu amedzrodzeƒe nyui aɖe na Tobia. Tsã la, wodzraa nuɖuvɔsanuwo, atike ʋeʋĩwo, gagbɛwo kple bli, aha yeye kple ami ƒe ewoliawo ɖo ɖe xɔ sia me. Mose de se be nu siawo nye Levitɔwo, hadzihamenɔlawo kple agbonudzɔlawo tɔ, eye nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo nye nunɔlawo tɔ.


Mena wokɔ xɔ la ŋu nyuie, eye megbugbɔ gbedoxɔ la ƒe agbawo, nuɖuvɔsanuwo kple atike ʋeʋĩwo de xɔ la me.


miaƒe viŋutsuvi gbãtɔwo katã kple lãtsu siwo katã aʋu dɔ nu na miaƒe lãwo la katã nye Yehowa tɔ. Ele be miatsɔ wo nɛ.


“Kɔ Israelviwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔ ɖe sia ɖe kple lãwo ƒe atsu gbãtɔwo ŋu nam; eɖanye ame alo lã o, tɔnyewoe!”


Nunana sia anye abolo eve tso miaƒe aƒewo me, eye woanye wo le yame le Yehowa ŋkume abe wo tsɔtsɔ nɛ ƒe dzesi ene. Mitsɔ wɔ memee si ʋã la kilogram eve wɔ abolo siawo. Nunana sia nye miaƒe kutsetse gbãtɔwo na Yehowa.


Mitsɔ miaƒe nu ewoliawo katã va nudzraɖoƒe lae ale be nuɖuɖu nasɔ gbɔ ɖe nye gbedoxɔ me. Mitsɔ esia dom kpɔ be nyemaʋu dziƒo nu akɔ yayra ɖe mia dzi fũu ale gbegbe be miaƒe nuɖuɖudzraɖoƒe ayɔ agbagba o mahã? Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


“Ɖe amegbetɔ ate ŋu ada adzo Mawu hafi miawo ya mieda adzom mahã? “Ke míebia be, ‘Aleke míeda adzo wòe?’ “Mieda adzo nye nu ewolia kple nunana siwo nye tɔnye la eye mietsɔa wo nam o.


Vi gbãtɔ ɖe sia ɖe, amegbetɔ kple lã siaa si wotsɔ na Yehowa la nye tɔwò. Ke ele na wò be nàƒle viŋutsuvi gbãtɔ kple lã makɔmakɔ ɖe sia ɖe ƒe lãtsu gbãtɔ ta.


Lã siawo ƒe lã nye mia tɔ hekpe ɖe woƒe akɔ kple ɖusita, si wotsɔna naa Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la ŋu.


“Metsɔ Israelviwo ƒe nuwo ƒe ewolia na Levi ƒe viwo abe woƒe domenyinu ene le woƒe dɔ si wowɔna le agbadɔ me la ta.


Eye zi ale si Abraham kple nyagblɔɖilawo nye Mawu ƒe amewo la, nenema ke wo viwo hã anye Mawu ƒe amewo. Elabena ne ati aɖe ƒe kewo le kɔkɔe la, eƒe alɔwo hã nɔa kɔkɔe.


“Ele be miana miaƒe agblemenukuwo ƒe ewolia ƒe sia ƒe pɛpɛpɛ.


Kpe ɖe esiawo ŋu la, nunɔlawo axɔ nuku siwo wotsɔ vɛ hena akpedada na Yehowa. Nu siawoe nye bli yeye, wain yeye, ami kple fu si woko le lãwo ŋuti,


ele na wò be nàtsɔ wò agblemenuku gbãtɔ siwo nàkpɔ tso anyigba si Yehowa wò Mawu le na wò ge dzi la ƒe nuku gbãtɔwo le ƒe sia ƒe ƒe nuŋeŋe me na Yehowa le eƒe kɔkɔeƒe la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa