Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 10:34 - Agbenya La

34 “Míada akɔ be míanya ƒe sia ƒe ƒe ɣeyiɣi si dzi nunɔlawo, Levitɔwo kple kplɔlawo ƒe ƒometɔwo ana nake si ŋu dɔ woawɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe vɔsamlekpui dzi abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 de ŋkumeɖobolo, gbesiagbe nuduvɔsa kple gbesiagbe numevɔsa, dzudzɔgbevɔsawo kple dzinu yeye vɔsawo kple ŋkekenyuie vɔsawo, akpedavɔsawo kple nuvɔ̃vɔsawo ŋu, be woalé avu na Israel kple mía Mawu ƒe ale ŋu ɖɔwo katã ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 10:34
16 Mawu Ofanana  

Woda akɔ hafi de dɔawo asi na hatsotso vovovoawo ale be ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi o elabena Mawu ƒe ame xɔŋkɔwo kple amegãwo tso Eleazar kple Itamar ƒe ƒome me.


Wodzidze nu hena dɔdede asi na hatsotsoawo le ɖoɖo sia nu: Hatsotso gbãtɔ ƒe tatɔe nye Yehoyarib. Hatsotso evelia ƒe tatɔe nye Yedaia.


Solomo dɔ ame ɖe Fia Hiram le Tiro be woagblɔ nɛ be, “Ɖo sedatikpo siwo tɔgbi nena fofonye David esime wònɔ eƒe fiasã tum la ƒe ɖewo nye hã.


Le esia megbe la, wosa gbe sia gbe numevɔsawo, Dzinu Yeye vɔsawo kple vɔsa siwo woɖo ɖi na Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe bubuwo. Nenema ke wosa vɔ siwo nye lɔlɔ̃nununana na Yehowa.


Le ɣeyiɣi sia me la, Israel dukɔa kplɔlawo nɔ Yerusalem, Du Kɔkɔe la me. Ke azɔ la, woda akɔ be woatia ame siwo le du bubuawo me le Yuda kple Benyamin la ƒe ewolia be woawo hã nava nɔ Yerusalem.


Kpe ɖe esiawo ŋu la, mewɔ ɖoɖo ɖe nakenana ɖe ɣeyiɣi dzi kple nu gbãtɔwo nana hã ŋu. O! Nye Mawu, ɖo ŋku dzinye, le wò dɔmenyo la nu.


Nudzidze tsia dzre nu eye wòtsoa nya me na ame sesẽ siwo le dzre wɔm.


Lebanon ƒe avemetiwo mesɔ gbɔ woatsɔ awɔ nakee ado dzoe le vɔsamlekpui dzi o, eye eƒe lãhawo hã mesɔ gbɔ ade numevɔsawo nu o.


“Le Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe dzi la, nunɔlagã atsɔ abolo bɔbɔe wuieve si wotsɔ wɔ kilogram etɔ̃ me ɖe sia ɖe,


ada ɖe fli eve me: ade nanɔ fli ɖeka me le sikakplɔ̃ si le tsitre ɖe Yehowa ŋkume la dzi.


“De se sia na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Mikpɔ egbɔ be, le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi la, mietsɔ nye nuɖuɖu si nye dzovɔsa, si nye nu si ʋẽna lĩlĩlĩ, eye wòdzea ŋunye la nam.’


Le esia megbe la, woda akɔ, eye wòdze Matias dzi, ale wotiae abe apostolo ene kpe ɖe ame wuiɖekɛ mamlɛawo ŋu.


ke boŋ wozu nakefɔlawo kple tsidulawo na Israelviwo. Woawoe adu tsi na Yehowa ƒe subɔsubɔdɔwɔwɔ le afi sia afi si woawɔ subɔsubɔdɔ le ko. Ɖoɖo sia gale edzi kokoko va se ɖe egbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa