Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 10:30 - Agbenya La

30 “Míelɔ̃ ɖe edzi hã be míaɖe mɔ na mía vinyɔnuwo woaɖe amedzrowo o, eye nenema ke míaɖe mɔ mía viŋutsuwo hã naɖe wo vinyɔnuwo o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 wokpe ɖe wo nɔvi, siwo nyee bubumewo la ŋu, eye wota nu heka atam be, yewoazɔ ɖe Mawu ƒe se, si woɖe to Mawu ƒe dɔla Mose dzi la nu, eye yewoalé Yehowa, mía Aƒetɔ ƒe sewo katã, kɔnuwo kple ɖoɖowo me ɖe asi, eye yiewoawɔ wo dzi.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 10:30
15 Mawu Ofanana  

Fia bubu aɖeke meganɔ anyi si trɔ ɖe Yehowa gbɔ eye wòwɔ Mose ƒe sewo katã dzi o eye fia siwo kplɔ Yosia ɖo hã dometɔ aɖeke mete ɖe ale si Yosia ɖo to Yehowa la ŋu o.


Fia la tsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le ameawo ŋkume. Eya kple ameawo ɖe adzɔgbe na Yehowa be yewoadze eyome, alé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo, kple ɖoɖowo me ɖe asi kple dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye yewoawɔ nubabla sia ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi; eye dukɔ blibo la bla nu.


Fia la tsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le Yehowa ŋkume. Eɖe adzɔgbe na Yehowa be, yeadze eyome, alé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo, kple ɖoɖowo me ɖe asi kple dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye yeawɔ nubabla sia ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi.


Ame siwo de asi nubabla sia te la woe nye: Nehemia, mɔmefia, Hakalia ƒe vi kple Zedekia,


Le ɣe ma ɣi ke la, mede dzesii be Yuda ŋutsu geɖewo ɖe srɔ̃ tso Asdod, Amon kple Moab,


Ale mehe nya kple dzila siawo, meƒo fi de wo, meƒo wo dometɔ aɖewo, menyɔ woƒe taɖa, eye mena woka atam le Mawu ŋkume gblɔ be, “Míagatsɔ mía vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo woaɖe o, alo míaɖe wo vinyɔnuwo na mía viŋutsuwo o, alo míawo ŋutɔ míaɖe wo o.


Ale mekɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ŋu tso dzronuwo me, eye mena dɔ wo, ame sia ame kple etɔ.


Wolɔ̃ ɖe nya sia dzi, eye wodo ŋugbe be yewoakpe ɖe yewo nɔviwo ŋuti, eye yewomagana be woatsɔ woƒe anyigbawo aɖo awɔba, eye woadzra wo viwo na amewo o. Ale meyɔ Osɔfowo, bubumewo kple dɔnunɔlawo, eye mena kesinɔtɔ siawo ɖe adzɔgbe be yewoawɔ yewoƒe ŋugbedodo dzi.


Meka atam, eye meɖo kpe edzi be, wò se dzɔdzɔewo yome ko manɔ.


Eye ne míeɖe wo vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo la, wo srɔ̃wo akplɔ wo ayi woƒe legbawo subɔƒewo, eye mia viŋutsuawo hã ada vo ɖe ŋunye to wo srɔ̃wo ƒe mawuawo subɔsubɔ me.


vidzĩwo, mia srɔ̃wo, miaƒe amedzrowo, nakefɔlawo kple tsikulawo katã mietsi tsitre ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume egbea.


Mègaɖe srɔ̃ tso wo dome o, eye mègaɖe mɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo naɖe wo vinyɔnuwo kple wo viŋutsuwo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa