Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 1:10 - Agbenya La

10 “Wò dɔlawoe míenye, dukɔ si nètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò alɔ sesẽ la ɖee lae míenye.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Wò ŋutɔ wò dɔlawo wonye kple wò dukɔ, si nède kple wò ŋusẽ ga kpakple wò alɔ sesẽ.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 1:10
17 Mawu Ofanana  

Kple asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.


Ɖo ŋku ame siwo nèƒle le blema, dukɔ si nye wò domenyinu, ame siwo nèɖe kple Zion, to afi si nènɔ la dzi.


Woli wò fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi, eye lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ le zɔzɔm le ŋgɔwò.


“Ne mia viwo abia mi be, ‘Nu ka ta miewɔa nu siawo ɖo?’ la, ele be miagblɔ na wo be, ‘Yehowa tsɔ nukunu gãwo ɖe mí tso kluvinyenye me, tso Egiptenyigba dzi.


Megale egblɔm na mi be ele be ŋkekenyui sia ɖuɖu nade dzesi mi abe Yehowa ƒe amewo ene, abe ɖe wòtsɔ eƒe nutɔnyenye ƒe dzesi ɖo ŋgonu na mi ene. Enye ŋkuɖodzi be Yehowa tsɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe mi tso Egiptenyigba dzi.”


Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be gbe si gbe miedzo le Egipte, eye miedo le kluvinyenye me la, nanye ŋkeke aɖe si dzi miaɖo ŋkui tegbetegbe, elabena Yehowa ɖe mi kple nukunu gãwo. Migaɖu naneke si me amɔʋãtike le la o.


Ŋkeke sia ɖuɖu anɔ na mi abe dzesi ene le miaƒe asiwo kple ŋkuɖodzinu le miaƒe ŋgonu, ale be Yehowa ƒe se la anɔ miaƒe nu me, elabena Yehowa kplɔ mi do goe le Egipte kple asi sesẽ.


“Àkplɔ ame siwo nèɖe la le wò lɔlɔ̃ mavɔ la ƒe ŋusẽ me. Le wò ŋusẽ me, àkplɔ wo ayi wò nɔƒe kɔkɔe lae.


Ke Mose ɖe kuku na Yehowa, eƒe Mawu la be megawɔ nenema o. Eɖe kuku be, “Yehowa, nu ka ta nèdo dɔmedzoe helĩhelĩ ale ɖe wò ŋutɔ wò dukɔ si nèkplɔ tso Egiptenyigba dzi kple ŋusẽ gã kple nukunu triakɔ mawo tɔgbi la ŋu?


Yehowa gblɔ na Mose be, “Azɔ la, àkpɔ nu si mawɔ Farao. Le nye alɔ sesẽ la ta, anya wo ado goe, eye le nye asi sesẽ la ta, ado mɔ wo.”


“Eya ta gblɔ na Israel ƒe dzidzimeviwo be, ‘Nyee nye Yehowa, maɖe mi le Egiptetɔwo ƒe kɔkuti te, mana ablɔɖe mi tso kluvinyenye na wo me, eye maɖe mi kple alɔ sesẽ kple nukunu triakɔwo.


Maxɔ mi abe nye amewo ene, manye miaƒe Mawu, mianyae be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si ɖe mi tso Egiptetɔwo ƒe asi me,


O! Yehowa, mègado dziku wòatso eme o. Mègaɖo ŋku míaƒe nu vɔ̃wo dzi ɖaa o. O, nye kɔ nàkpɔ mi ɖa, mieɖe kuku, elabena mí katã míenye wò amewo.


Miɖo ŋku edzi be mienye kluviwo le Egiptenyigba dzi kpɔ, eye Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe mi! Eya tae mele se sia dem na mi.


Wò amewo kple wò domenyilawo wonye, ame siwo nètsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple abɔ sesẽ la kplɔ tso Egipte.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa