Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nahum 3:7 - Agbenya La

7 Ame siwo katã akpɔ wò la, dzidzi aƒo wo, eye woagbugbɔ ɖe megbe agblɔ be, ‘Ninive gbã gudugudu, ame ka afa nɛ?’ Afi ka makpɔ ame aɖe le wòafa akɔ na wò?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye wòava me be, ne amea ɖe to ŋuwò yina la, asi le nuwo agblɔ bena; Wogblẽ Niniwe, ameka afa nɛ, eye afika maɖadi akɔfala le na wò?

Onani mutuwo Koperani




Nahum 3:7
12 Mawu Ofanana  

Dzɔgbevɔ̃e evee dzɔ ɖe dziwò, ame kae ate ŋu afa akɔ na wò? Gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃, dɔwuame kple yi ƒo go wò, ame ka ate ŋu afa akɔ na wò.


Yehowa be, “O Yerusalem, ame kae akpɔ nublanui na wò? Ame kae afa na wò? Ame kae atɔ, abia wò agbe ta se?


Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mahe to na Babilonia fia kple eƒe anyigba abe ale si mehe to na Asiria ene.


“ ‘Anye ne míeyɔ dɔ Babilonia, gake womate ŋu ayɔ dɔe o; mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nayi eƒe du me, agblẽe ɖi, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖatɔ dziƒo, eye wòkɔ abe lilikpo ene.’


Nya ka magblɔ na wò? O Yerusalem vinyɔnu, nu ka matsɔ asɔ kpli wò? Nu ka magblɔ be ele abe wò ene, ne mafa akɔ na wò, O Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o? Wò abiwo goglo abe atsiaƒu ene, ame ka ate ŋu ayɔ dɔ wò?


Esiae nye nyagblɔɖi si Mawu ɖe fia Nyagblɔɖila Nahum, Elkositɔ, le ŋutega me tso nu si ava dzɔ ɖe Ninive dzi la ŋu, eye wòŋlɔe ɖe agbalẽ sia me.


Nenema kee nye anyiehetɔwo hã; atsrɔ̃ Asiria kple eƒe toxɔdu Ninive xɔŋkɔ la gbidigbidi, eye wòanɔ abe dzogbe ene.


Esi ame siwo yi tsiẽƒe la nɔ ɣli dom la, Israelvi siwo katã ƒo xlã wo la de asi sisi me henɔ ɣli dom be, “Anyigba le míawo hã mi ge.”


Eƒe fuwɔame ado ŋɔdzi na wo ale gbegbe be woanɔ adzɔge ke anɔ avi fam kple ɣli be, “ ‘Baba! O du gã, baba na wò. O Babilonia, du si ŋu ŋusẽ le! Le gaƒoƒo ɖeka me, wò tsɔtsrɔ̃ va ɖo!’


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa