Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nahum 2:8 - Agbenya La

8 Ninive le abe ta si ƒe tsi le sisim ene. Ne woado ɣli be: “Mitɔ, mitɔ,” la, ame aɖeke manye kɔ akpɔ megbe o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Woaɖe ama fiasrɔ̃ akplɔ adzoe,: eƒe nyɔmidɔlawo anɔ fafam abe akpakpa ene, eye woanɔ akɔta ƒom.

Onani mutuwo Koperani




Nahum 2:8
15 Mawu Ofanana  

Tso anyigba ma dzi la, eyi Asiria, afi si wòtu Ninive, Rehobot Ir, Kala


Abe sãde aɖe si wonya ɖe nu ene alo alẽha si ŋu kplɔla mele o ene la, ame sia ame agatrɔ ayi ɖe eƒe amewo gbɔ, eye ame sia ame asi ayi wo denyigba dzi.


Medo ɣli abe sagbadre alo tsalĩ ene, eye mele xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛ si tsi akogo ene. Nye ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃ɔ esi mewu mo dzi le dziƒo kpɔm. O! Aƒetɔ, mele nu xam, va nàkpe ɖe ŋutinye.”


Aɖaŋudede gbogbo siwo katã nèxɔ la, ɖeko wona nègbɔdzɔ! Na wò ɣletivimenunyalawo nava. Ame siwo léa ŋku ɖe ɣletiviwo ŋu hegblɔa nya ɖi dzinu sia dzinu la, na ne woaɖe wò tso nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe dziwò la me.


Midzo le Babilonia, misi le Babiloniatɔwo gbɔ! Mitsɔ dzidzɔɣli ɖe gbeƒã esia, eye mido bobloe. Miɖo du ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke be, “Yehowa ɖe eƒe dɔla Yakob”


Mi katã miele gbe tem abe sisiblisiwo ene, eye miele xɔxlɔ̃m nublanuitɔe abe ahɔnɛwo ene. Miele mɔ kpɔm na ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe, gake miekpɔ ɖeke o. Miele mɔ kpɔm na ɖeɖe, gake metsɔ ɖe mia gbɔ o,


Nu ka kpɔm mele? Dzidzi ƒo wo, wogbugbɔ ɖe megbe, woɖu woƒe kalẽtɔwo dzi. Wosi kple du kple du megbemakpɔmakpɔtɔe eye ŋɔdzi ƒo xlã wo godoo.” Yehowae gblɔe.


nenye be wose sɔ siwo le du dzi la ƒe afɔzi kple futɔwo ƒe tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ kple woƒe afɔtiwo ƒe totro. Fofowo matrɔ ɖe wo viwo ŋu be woakpe ɖe wo ŋu o elabena woƒe asi adɔ agblɔ ɖe wo ŋu,


Mitsrɔ̃ nukuƒãla kple nuŋela kple eƒe nuŋehɛ siaa le Babilonia le nuŋeɣi. Le nugblẽla ƒe yi ta la, ame sia ame netrɔ yi eya ŋutɔ ƒe amewo gbɔ, eye ame sia ame nesi yi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.


Mi ame siwo le tɔsisi geɖewo to eye kesinɔnu geɖewo le mia si, miaƒe nuwuwu ɖo, ɣeyiɣi de be woatsrɔ̃ mi,


Babilonia ƒe kalẽtɔwo dzudzɔ aʋawɔwɔ eye wotsi woƒe mɔ sesẽwo me. Ŋusẽ vɔ le wo ŋu, eye wole ko abe nyɔnuwo ene. Wotɔ dzo eƒe nɔƒewo eye woŋe eƒe agbometiwo.


Esiae nye nyagblɔɖi si Mawu ɖe fia Nyagblɔɖila Nahum, Elkositɔ, le ŋutega me tso nu si ava dzɔ ɖe Ninive dzi la ŋu, eye wòŋlɔe ɖe agbalẽ sia me.


Ŋuwòdzɔlawo asɔ gbɔ abe ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe ene, eye wò amegãwo asɔ gbɔ abe ʋetra siwo dze ɖe gli ŋu le ŋdi me, ke ne ɣe dze ko la, woadzo adzo, eye teƒe si wonɔ la magadze o ene.


Mawudɔla adreawo dometɔ ɖeka si lé kplu adreawo ɖe asi la va gblɔ nam be, “Va, mafia tohehe si woana gbolo gã si nɔ anyi ɖe tsi geɖewo dzi la wò.


Mawudɔla la yi edzi gblɔ nam be, “Tsi siwo nèkpɔ, esiwo dzi gbolo la nɔ anyi ɖo la nye amewo, amehawo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa