Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nahum 2:5 - Agbenya La

5 Fia la ado ɣli ayɔ eƒe aʋafiawo; woanɔ du dzi anɔ anyi dzem, anɔ fɔfɔm be yewoayi aɖaɖo gli sesẽwo, ale be futɔwo mate ŋu akpɔ mɔ ava o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Tasiaɖamwo le zi nyẽm le kpɔdomeewo; eye wole du dzi le ablɔwo me; wole abe kakatiwo ene, eye wole zɔzɔm abe dzikedzo ene.

Onani mutuwo Koperani




Nahum 2:5
9 Mawu Ofanana  

Woɖo kplɔ̃wo. Nuwo katã sɔgbe, woɖu nu, wono nu! Kasia ɣli ɖi be, mitso, mi amegãwo ne miasi ami na miaƒe akpoxɔnuwo.


Ɖeɖi mete wo dometɔ aɖeke ŋu alo nu nati kɔ nɛ o. Ɖeka pɛ hã medɔ akɔlɔ̃e alo dɔ alɔ̃ o. Alidziblanu metu le ɖeke ƒe ali o, eye tokota metso le ɖeke ƒe afɔ o.


Dukɔwo ase wò ŋukpeŋkɔ eye wò ɣlidodo axɔ anyigba la dzi. Kalẽtɔ akli nɔvia kalẽtɔ eye wo kple eve la siaa woadze anyi.”


“Miyɔ aŋutrɔdalawo vɛ, ne woaɖe to ɖe Babilonia, ame siwo katã hea da me la neva. Miva ɖe to ɖee godoo va kpe, migana ame aɖeke nasi o. Mixe nu siwo katã wòwɔ la ƒe fe nɛ, miwɔe nɛ abe ale si eya hã wɔe na ame bubuwo ene. Elabena edze aglã ɖe Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu.


Agbo si le tɔsisi la nu la aʋu siaa, eye fiasã la ƒe gliwo anye kpo, amu adze anyi.


O Asiria fia, wò kplɔlawo le akɔlɔ̃e dɔm; wò bubumewo mlɔ anyi le dzudzɔm. Woakaka wò amewo ɖe towo dzi, eye ame aɖeke maƒo wo nu ƒu o.


Sɔdolawo dze agbo, yiwo le dzo dam, eye akplɔwo le dzo sim le woƒe asi me! Ame tsiaʋawo teƒe mekɔ o, ame kukuwo sɔ gbɔ taŋtaŋtaŋ, eye ɖewo tsi wo nɔewo dzi. Amewo le wo dzi zɔm le anyi dzem, le fɔfɔm; gale anyi dzem.


Woƒe sɔwo ƒua du wu lãkle, eye wonyrana wu amegaxi le zã me. Woƒe asrafo sɔdolawo lũna ɖe nu dzi kple kalẽ; ɖeɖi metea woƒe sɔdolawo ŋu o. Wosaa agba le futɔwo dzi abe hɔ̃ si di be yeaƒo nu ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa