Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nahum 2:4 - Agbenya La

4 Tasiaɖamwo le zi nyem le mɔtatawo dzi, eye wole du ƒum le ablɔwo me le yiyim le gbɔgbɔm. Woƒe dzedzeme le abe akakatiwo ene, eye wole dzo kem abe dzikedzo ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eƒe kalẽtɔwo ƒe akpoxɔnuwo biã hẽ, eye aʋawɔlawo le abe aɖabɛ dzitɔ ene, tasiaɖam ŋu gawo le dzo kem le akpablagbe, eye wole akplɔwo nyẽm.

Onani mutuwo Koperani




Nahum 2:4
10 Mawu Ofanana  

Ne snodzaɣi ɖo la, mevɔ̃na ɖe eƒe aƒekɔ nu o elabena wo katã tsyɔ kuntru dzĩ.


To wò ame dɔdɔwo dzi nèɖe alɔme le Aƒetɔ la ŋu hegblɔ be, ‘Metsɔ nye tasiaɖamwo, lia yi towo tame ke, yi keke Lebanon tame ke. Melã eƒe sedati kɔkɔwo kple eƒe avemeti nyuitɔwo, meyi eƒe teƒe kɔkɔtɔ kekeake afi si eƒe ave dodowo le.


Kpɔ ɖa, Yehowa gbɔna kple dzo bibi, eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahomya ene. Aɖe eƒe dziku ɖe go le dɔmedzoe helĩhelĩ me, eye wòaɖe eƒe mokaname afia le dzo ƒe aɖewo me,


Kpɔ ɖa! Egbɔna abe lilikpowo ene, eƒe tasiaɖamwo le du dzi abe ahomya ene eye eƒe sɔwo ɖea abla wu hɔ̃wo. Baba na mí! Míetsrɔ̃ vɔ!


O, sɔwo, milũ ɖe wo dzi! O, tasiaɖamkulawo, miku wo kple ŋkubiã! O, kalẽtɔwo, mizɔ yi ŋgɔ tẽe, eye mi Kus kple Put ŋutsu siwo tsɔa akpoxɔnuwo kple Lidia ŋutsu siwo daa aŋutrɔ nyuie!


Woatsɔ aʋawɔnuwo ɖe ŋuwò ava tu wò kple tasiaɖamwo, kekewo kple ameha gã aɖe. Woanɔ axa ɖe sia ɖe dzi, atsi tsitre ɖe ŋuwò kple akpoxɔnu gãwo kple suewo kple gakukuwo. Matsɔ wò ade asi na wo hena tohehe, eye woahe to na wò le woƒe sewo nu.


Eƒe sɔwo asɔ gbɔ ale gbegbe be woana ʋuʋudedi natsyɔ dziwò. Aʋawɔsɔwo, kekewo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ana wò gliwo naʋuʋu kpekpekpe, ne ege ɖe wò agbowo me abe ale si amewo gena ɖe du si ŋu gli gbã le la me ene.


“Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Makplɔ Nebukadnezar, Babilonia fia, fiawo dzi fia tso anyiehe, wòaho aʋa ɖe Tiro ŋu kple tasiaɖamwo kple sɔwo kple sɔdolawo kple aʋakɔ gã aɖe.


“Ne eƒe nuwuwu ɖo vɔ la, Dziehefia akpe aʋa kplii eye Anyiehefia ava kpee kple tasiaɖamwo, sɔdosrafowo kple tɔdziʋumesrafowo ƒe ha gã aɖe. Ava dze dukɔ geɖewo dzi eye wòazɔ wo dzi abe tsiɖɔɖɔ ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa