Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nahum 2:3 - Agbenya La

3 Futɔwo ƒe asrafowo ƒe akpoxɔnu biã dzẽe, eye wodo awu dzĩ. Tasiaɖamŋugawo le dzo dam gbe si gbe wobla akpa na aʋawɔwɔ, eye kalẽtɔwo le woƒe akplɔwo nyem le yame.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena Yehowa agaghughɔ Yakob ƒe gãnyenye vɛ abe Israel ƒe gãnyenye ene. Elabena nuhalawo hae keŋkeŋ, eye woghlẽ eƒe weinkawo.

Onani mutuwo Koperani




Nahum 2:3
13 Mawu Ofanana  

Aŋutrɔwo le wo nɔewo lɔm le eƒe axadzi, nenema kee nye akplɔ siwo le dzo dam kple yi.


Gbehawo nya avuzi le edzi, eye gbemelãwo ɖui.


Logotiwo kple Lebanon ƒe sedatiwo le dzidzɔ kpɔm ɖe ŋu wò, eye wogblɔ be, “Azɔ esi wolã wo ƒu anyi la, atidzela aɖeke magava lã mi aƒu anyi o.”


Woatsɔ aʋawɔnuwo ɖe ŋuwò ava tu wò kple tasiaɖamwo, kekewo kple ameha gã aɖe. Woanɔ axa ɖe sia ɖe dzi, atsi tsitre ɖe ŋuwò kple akpoxɔnu gãwo kple suewo kple gakukuwo. Matsɔ wò ade asi na wo hena tohehe, eye woahe to na wò le woƒe sewo nu.


“Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Makplɔ Nebukadnezar, Babilonia fia, fiawo dzi fia tso anyiehe, wòaho aʋa ɖe Tiro ŋu kple tasiaɖamwo kple sɔwo kple sɔdolawo kple aʋakɔ gã aɖe.


Ƒu to anyi nàse ale si sɔƒokawo le gbe dom, eye tasiaɖamwo ƒe afɔtiwo, kple sɔwo ƒe afɔkpawo le hoo wɔm esime tasiaɖamwo le du sim glaŋglaŋglaŋ le mɔtatawo dzi!


Mekpɔ ŋutega le zã me, eye le ŋutega la me la, mekpɔ ŋutsu aɖe wònɔ sɔ dzĩ aɖe dom. Sɔdola la tsi tsitre ɖe amitive aɖe me le bali aɖe me. Sɔ dzĩ, sɔ hẽ kple sɔ ɣi bubuwo nɔ emegbe.


Mifa avi, O logotiwo elabena sedati mu dze anyi, ati gãwo tsrɔ̃! Mi ati sesẽ siwo le Basan, mifa avi, elabena wolã avetsuawo ƒu anyi!


Sɔ dzĩwo le tasiaɖam gbãtɔ hem, eye sɔ yibɔwo le tasiaɖam evelia hem.


Emegbe la, dzesi bubu gadze le dziƒo: ʋɔ driba gã dzẽ aɖe si to ta adre, dzo ewo, eye fiakuku adre le tawo nɛ la va do.


Tete sɔ bubu do go va; ebiã, eye adã le mo nɛ. Wona ŋusẽ edola be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, eye wòana amewo nawu wo nɔewo. Ale wotsɔ yi gã aɖe de asi nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa