Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nahum 2:2 - Agbenya La

2 Yehowa agbugbɔ Yakob ƒe atsyɔ̃ nɛ, eye wòanɔ abe Israel tɔ ene. Togbɔ be futɔwo gblẽ wò, Yakob ƒe anyigba, eye woha wò waingblewo hã.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Nughlẽla le ƒoƒo ge ɖe dziwò: Kpɔ mɔ̃ sesẽwo ta, eye natsa ŋu te mɔ dzl, bla ali dzi, eye nade dzo la me vevie!

Onani mutuwo Koperani




Nahum 2:2
14 Mawu Ofanana  

Etia míaƒe domenyinu na mí si nye dada na Yakob, ame si wòlɔ̃. Sela


“Togbɔ be wogble wò ɖi helé fu wò, eye ame aɖeke meto mewò yi o hã la, matsɔ wò awɔ atsyɔ̃ mavɔ kple dzidzɔe na dzidzimewo katã.


Kpɔ ɖa, miedze egɔme le gbegblẽ hem va du si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la dzi eye wò ya nèsusu be magbe tohehe na yea? Nyemagbe tohehe na wò o, elabena medɔ yi ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.’


“Moab li bɔkɔɔ tso eƒe ɖevime ke abe wain si ɖo ƒã ɖi kpoo eye wometrɔe tso go ɖeka me kɔ ɖe go bubu me o ene; esia nye be meyi aboyo me kpɔ o. Eya ta eƒe vivi gale eŋu eye eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ metrɔ o.


Ne waintsetsegbelawo va gbe waintsetsewo na wò la, ɖe womagblẽ ʋe aɖewo ɖi oa? Ne fiafitɔwo va le zã me be woafi wò nuwo la, ɖe menye esi sinu woate ŋui la ko woatsɔ adzoe oa?


eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Maɖe Israelviwo ɖa tso dukɔ siwo me woyi la me. Maƒo wo nu ƒu tso teƒeawo katã, eye makplɔ wo ava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.


Womagagblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo kple woƒe legbawo alo ametikpakpɛ nyɔŋuwo alo kple woƒe nu vɔ̃wo dometɔ aɖeke o, elabena maɖe wo tso woƒe megbededewo katã me, eye makɔ wo ŋu. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu.


Kpɔ ale si kesinɔnuwo yɔ Israel ɖa! Israel le abe wainka si vu, eye wòtse ku kplanya la ene. Ale si ke wòtse ku geɖewoe la, nenema ke wòtua vɔsamlekpuiwoe. Zi ale si meyra ɖe eƒe anyigba dzi la, zi nenema ke wòliaa legba dzɔtsuwoe.


Woɖi gbɔlo dua keŋkeŋ, wohae eye woɖe amae. Amewo ƒe dzi gbã, klowo le ƒoƒom kpakpakpa, ameti blibo la le dzodzom nyanyanya, eye ŋkume sia ŋkume afu tititi.


Du tsi kɔ ɖi na ɖokuiwò ɖe aʋadzegbe ŋu. Dzra wò mɔ sesẽwo ƒe gliwo ɖo. Ge ɖe anyiʋewo me, eye nànya anyi atsɔ tre gli gbagbãwoe.


Le ɣe ma ɣi la, ŋu magakpe mi le miaƒe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ ɖe ŋunye la ta o, elabena maɖe ame siwo katã kpɔa dzidzɔ le ɖokuidodoɖedzi ŋuti la ɖa le dua me, ale be dadala aɖeke maganɔ nye to kɔkɔe la dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa