Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nahum 2:11 - Agbenya La

11 Afi ka dzatawo ƒe do la le azɔ? Afi si wonyia dzataviwo le, afi si dzatatsu kple dzatanɔ kple dzatavi ɖia tsa le vɔvɔ̃manɔmee ɖe?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Woaɖi gbɔloe ƒiaƒiaƒia, eye woahae! Dziwo alólo gbanaa eye klowo anɔ ƒoƒom kpakpakpa, aliwo katã adzo nyanyanya, eye ŋkumewo katã afu tititi.

Onani mutuwo Koperani




Nahum 2:11
17 Mawu Ofanana  

Yuda nye dzatavi; si wu nu si wòlé la ɖuɖu nu. Etsyɔ akɔ anyi abe dzatatsu ene; eye abe dzatanɔ ene–ame kae ake atse anyɔe?


Le esia ta la, asiwo katã aku yigbaa ɖe amewo ŋu, eye amegbetɔwo katã ƒe dzi alolo ɖe dɔ me na wo.


Ale Yehowa gblɔ nam nye esi, “Abe ale si dzata alo dzatavi tea gbee ne elé nu, eye togbɔ be woyɔa alẽkplɔlawo ƒe ha katã ɖe eŋu, gake woƒe ɣlidodo medoa ŋɔdzi nɛ o, woƒe hoowɔwɔ hã meɖia naneke nɛ o ene la, nenema kee Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖi va anyi ne wòawɔ aʋa le Zion to la kple eƒe to kɔkɔwo dzi.


Woƒe gbeɖeɖe le abe dzata tɔ ene, eye woɖea gbe abe dzataviwo ene. Wotea gbe heléa nu, eye wotsɔa nu si wolé la dzonae, ame aɖeke mate ŋu axɔe le wo si o.


Dzatawo ɖe gbe, wole gbe tem ɖe eŋu. Wowɔ eƒe anyigba wòzu gbegbe. Wotɔ dzo eƒe duwo eye wozu aƒedowo.


“Dzata aɖe do tso eƒe do me, dukɔwo gblẽla aɖe tso dze mɔ. Etso le enɔƒe be wòava wɔ miaƒe anyigba wòazu gbegbe, ne wòawɔ miaƒe duwo woazu aƒedowo eye amewo manɔ wo me o.


“Israel nye alẽha si dzatawo ɖe ɖe nu, eye wokaka gbẽe. Ame gbãtɔ si vuvui lae nye Asiria fia ame mamlɛtɔ si gbã eƒe ƒuwo lae nye Babilonia fia Nebukadnezar.”


Abe dzata si do go tso Yɔdan ƒe ave dodo me, hege ɖe gbe dama nyui dzi ene la, nenema maɖe Babilonia ɖe nu tso eƒe anyigba dzi zi ɖeka kpoyi! Ame kae nye ame tiatia si madɔ wòawɔ esia? Ame kae le abe nye ene eye ame kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye? Alẽkplɔla ka ate ŋu atsi tsitre ɖe ŋunye?”


“Ame vi, kpa konyifaha aɖe tso Farao, Egipte fia ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Èle abe dzata ene le dukɔwo dome, èle abe lã dziŋɔ aɖe ene le atsiaƒuwo me. Èle tsi ƒum le wò tɔsisiwo me, “ ‘Èle tsi la trom kple wò afɔwo, Eye nèna ba ge ɖe tsiawo me.


Dukɔwo kpɔe hedzo nyanyanya eye woƒe mowo fu tititi le vɔvɔ̃ ta.


Woaɖu Asiria dzi kple yi, eye woato eƒe agbowo me age ɖe Nimrɔd ƒe anyigba dzi. Aɖe mí tso Asiria ƒe asime nenye be wòho aʋa va dze míaƒe anyigba dzi be yeaɖo afɔ míaƒe liƒowo dzi.


Dzatatsu léa nu si ade viawo kple dzatanɔ nu; etsɔa nuléleawo yɔa eƒe mlɔƒe kple eƒe dowo me fũu.


Baba na du si yɔ fũu kple ʋukɔkɔɖi, alakpadada kple nuhaha, eye wògbe asiɖeɖe le nu siwo wòha la ŋu.


Eƒe kplɔlawo le abe dzata dɔwui si le gbe tem la ene. Woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le abe amegaxi si lé nu le zã me, eye wòɖui vɔ keŋ hafi ŋu ke la ene.


Ame siawo tsi tsitre abe dzatanɔ ene; womamlɔ anyi o. Va se ɖe esime woaɖu nu si wolé. Eye woano nu si wolé la ƒe ʋu!’ ”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa