Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nahum 1:4 - Agbenya La

4 Eblu ɖe atsiaƒu ta wòmie, eye wòna tɔsisiwo me ƒu kplakplakpla. Basan kple Karmel ƒe lãnyiƒe damawo zu gbegbe, eye Lebanon ƒe ave damawo zu dzogbe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eblu ɖe atsiaƒu: ta wòmie, eye wòna tɔsisiwo katã ƒu kplakplakpla; Basan kple Karmel woyrɔ, eye Libanon ƒe numiemiewo yrɔ.

Onani mutuwo Koperani




Nahum 1:4
22 Mawu Ofanana  

Mawu meŋlɔ Noa kple lã siwo katã nɔ aɖakaʋu la me be o. Ena ya aɖe ƒo to tsi la dzi, eye tsiɖɔɖɔ la de asi miemie me,


Atsiaƒu ƒe balimewo dze gaglãa eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖo tsi ƒuƒlu le Yehowa ƒe nyaheɖeameŋu kple gbɔgbɔ si do tso eƒe ŋɔtime ta.


esi megblɔ be, ‘Afii ko nàse, mèkpɔ mɔ ato liƒo sia dzi o, afi sia ko wò dada kple ɖokuidodoɖedzi ase?’


Ke esi nèblu la, tsiawo si, eye esi nèɖe gbe la, wolé du tsɔ.


Eblu ɖe Ƒu Dzĩ la ta, eye wòmie; ale wòkplɔ wo to ƒugɔme abe tagba ƒuƒui ene.


Atsiaƒu kpɔe, eye wòsi dzo, Yɔdan tɔsisi hã te yi megbe.


O! Atsiaƒu, nu ka ta nèsi ɖo, O! Yɔdan tɔsisi, nu ka ta nète yi megbe ɖo?


Edo asi ɖa tso dziƒo lém, Heɖem tso tɔ goglowo me.


Wòe ʋu nu le tsitsetsewo kple tɔʋuwo nu wosi bababa, eye wòe na tɔ siwo sina ɖaa la mie.


Anyigba la ƒu kplakplakpla, eye naneke megale edzi o. Ŋu kpe Lebanon, eye wòyrɔ sũu. Saron le abe Araba gbegbe ene. Basan kple Karmel lũ xɛ abe ati ene.


Makaka towo kple togbɛwo, mana gbe damawo katã naƒu, mana tɔsisiwo nazu tɔdomekpowo, eye mana tɔʋuwo namie keŋkeŋ.


Ame si gblɔ na tɔ goglowo be, ‘Mimie, mana mia me tsiwo namie.’


Ɖe menye wòe na atsiaƒu, tɔ goglo la me tsiwo mie, eye nèta mɔ ɖe atsiaƒu me be ame siwo woɖe la nato edzi ayi oa?


Mana Nil tɔsisi la namie, eye madzra anyigba la na ame vɔ̃ɖiwo. Mana amedzrowo ƒe asi nagblẽ anyigba la kple nu sia nu si le edzi. Nye, Yehowae ƒo nu.


Ƒumelãwo, dziƒoxeviwo, gbemelãwo, nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana le anyigba, eye ame siwo katã le anyigba dzi la adzo nyanyanya le nye ŋkume. Towo atrɔ abu, agakpewo atu wɔ, eye gli ɖe sia ɖe amu.


Egblɔ be, “Yehowa ɖe gbe abe dzata ene tso Zion, eye eƒe gbe ɖi tso Yerusalem. Enumake lãnyiƒewo ƒu kplakplakpla, eye Karmel to la tame yrɔ.”


Midi ame si wɔ ɣletiviwo ƒe ha siwo woyɔna be atifieŋui, avu kple avutɔ, ame si trɔa viviti tsiɖitsiɖi wòzua kekeli, eye wòtrɔa ŋkeke wòzua zã. Eyae yɔa tsi tso atsiaƒu me be wòaho ayi dzi ahadza ɖe anyigba dzi. Aƒetɔ Yehowae nye eƒe ŋkɔ.


Yesu gblɔ na wo be, “O, mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka wɔ miele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ale?” Azɔ etsi tsitre, eye wòblu ɖe ahom la ta. Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ le ƒua dzi.


dzigbetsi la dzudzɔ sisi, eye wòzu gli le adzɔge na wo le du aɖe si woyɔna be Adam la gbɔ le Zaretan lɔƒo. Ke tsi si nɔ sisim yina ɖe anyigbeme la si yi ɖe Araba alo Dzeƒu la me. Ale tsi la ƒe sisi tɔ keŋkeŋ, eye ameawo tso tɔsisi la ɖi go ɖe Yeriko kasa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa