Mika 7:9 - Agbenya La9 Esi meda vo ɖe Yehowa ŋuti ta la mabɔbɔ ɖe eƒe dɔmedzoe te va se ɖe esime wòadrɔ̃ nye nya eye wòatso afia nam, ekema akplɔm va kekeli me eye makpɔ eƒe dzɔdzɔenyenye. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19139 Mado dzi atsɔ Yehowa ƒe dziku, elabena mewɔ nuvɔ̃ ɖe eŋu, vaseɖe esime wòadrɔ̃ nye nya ahatso nam; akplɔm aɖo ɖe kekeli nu, eye makpɔ eƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋku. Onani mutuwo |
Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa, ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzi me la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣe ma ɣi me.