Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 7:6 - Agbenya La

6 elabena viŋutsu made bubu fofoa ŋu o; vinyɔnu adze aglã ɖe dadaa ŋu eye lɔ̃xoyɔvi atso ɖe lɔ̃xoa ŋu. Ame ƒe futɔwo atso eya ŋutɔ ƒe aƒe me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ŋutsuvi aɖe alɔme le fofoa ŋu, eye nyɔnuvi atso ɖe dada ŋu; lɔ̃xoyɔvinyɔnu atso ɖe lɔ̃xoa ŋu, eye ŋutsu ƒe aƒemetɔwo anye eƒe futɔwo.

Onani mutuwo Koperani




Mika 7:6
24 Mawu Ofanana  

Ke mèdzea akɔ anyi o; èle abe ƒutsotsoe nyanyra ene; màgadze gbãtɔ azɔ o. Maɖiɖi wò, elabena ède asi srɔ̃nyewo dometɔ ɖeka ŋu, eye nèto esia me ɖi gbɔ̃m.


David gblɔ na Abisai kple eŋumewo be, “Vinye, ame si nye nye ŋutɔ nye ŋutilã la, le agbagba dzem be yeawum, ekema nu ka Benyamintɔ sia mawɔ o? Zi kpi kpɔe wòaƒo fi dem elabena Yehowae ɖoe nɛ.


Xɔ̃nye si tsi metoa nye kplii dome o, ame si dzi meka ɖo, eye wòɖua nu kplim la kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋutinye.


“Ame aɖewo li, siwo doa ɖiŋu na wo fofowo eye womeyraa wo dadawo hã o;


“Ŋku si ɖua fewu le fofoa ŋu, eye wòdoa vlo bubudede dadaa ŋu la, balime ƒe akpaviãwo ahoe le etome, eye akagawo aɖui.


Amewo ate wo nɔewo ɖe to, ŋutsu atso ɖe ŋutsu ŋu, aƒelika ɖe aƒelika ŋu, sɔhɛwo atso ɖe ame tsitsiwo ŋu, eye yakamewo atso ɖe bubumewo ŋu.


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dɔmedzoe na dzo ƒo anyigba, eye dukɔ la anye dzodonu, ame aɖeke makpɔ nɔvia ta o.


Nɔviwò kple wò ŋutɔ wò ƒometɔwo gɔ̃ hã de wò asi eye wodo ɣli sesĩe ɖe tawò. Togbɔ be woƒo nu nyuie le ŋutiwò hã la, mègaɖo dzi ɖe wo ŋu o.


Mese ame geɖewo le dalĩ dom be, “Ŋɔdzi ƒo xlãe! Mitrɔ eta! Mina míadee asi!” Xɔ̃nyewo katã le klalo na nye anyidzedze le gbɔgblɔm be, “Ɖewohĩ woablee ekema míaɖu edzi eye míabia hlɔ̃e.”


Kpɔ nyuie le xɔlɔ̃wòwo ŋu. Megaka ɖe nɔviwò ŋutsuwo dzi o, elabena nɔvi ɖe sia ɖe nye ameblela eye xɔlɔ̃ ɖe sia ɖe nye ameŋugblẽla.


Le mewò la, wodoa vlo fofo kple dada, le mewò la, wotea amedzrowo ɖe to, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ŋuti.


Ame siwo le dziwò la, anya wò ɖe nu va se ɖe wò liƒowo dzi ke, xɔ̃wòwo able wò eye woaɖu dziwò. Ame siwo ɖua wò abolo la, atre mɔ na wò, ke mànyae be mɔ le afi ma o.


“Mele egblɔm na mi be nɔvi ahe nɔvi ade ku me, eye vi fofo ade eya ŋutɔ via asi. Ɖeviwo atsi tsitre ɖe wo dzilawo ŋuti, eye woahe wo ade ku me.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame si de asi nuɖugba me kplim lae le dɔ sia wɔ ge.


Vi kple tɔ ƒe gbe madze gbe dzi o le tanye, nenema ke adika aɖo vinyɔnu kple dadaa dome. Eye nenye be lɔ̃xo aɖe aɖo nu nyui aɖe be yeawɔ la, lɔ̃xoyɔvia atu afɔ eme.”


Azɔ ame siwo nye miawo ŋutɔ ŋutimewo, abe mia dzilawo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo kple xɔlɔ̃ veviwo ene la ade mi asi, eye woana woava lé mi, eye woawu mia dometɔ aɖewo gɔ̃ hã.


“Ele eme be menye mi katãe mele nya sia gblɔm na o, elabena menya ame siwo metia la. Mawunya gblɔ be, ‘Ame si le nu ɖum kplim lae adem asi.’


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa