Mika 7:3 - Agbenya La3 Woƒe asi eveawo bi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me. Dziɖula xɔa zãnu eye ʋɔnudrɔ̃la tsoa afia na ame si na zãnue. Kesinɔtɔwo ɖoa nu si dim wole; ale ame siawo blaa nu ɖekae hewɔna. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19133 Vɔ̃ɖiwɔwɔ sɔ alɔ me na wo; amegã dia nu, ʋɔnudrɔ̃la drɔ̃a ʋɔuu le fetu ta, eye dumegãwo gblɔa nusi le wo dzrom; ale woblua afɔ na nya. Onani mutuwo |
Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa, ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzi me la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣe ma ɣi me.