Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 7:16 - Agbenya La

16 Dukɔwo akpɔe eye ŋukpe alé wo elabena woƒe ŋusẽwo katã nu ayi. Woatsɔ woƒe asiwo aɖo nu eye woƒe towo atsi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Dukɔwo akpɔe, eye woƒe ŋusẽwo katã akpe ŋu na wo, woatsɔ asi aɖo nu, eye woƒe towo me atsi.

Onani mutuwo Koperani




Mika 7:16
17 Mawu Ofanana  

Mikpɔm ɖa, ne miaƒe mo nawɔ yaa eye miaƒu asi nu.


“Aleke nye ame si medze o la maɖo nya ŋu na wòe? Metsɔ nye asi ɖo nye nu.


Nukoko yɔ míaƒe nu me fũu, eye dzidzɔhawo yɔ míaƒe aɖewo dzi. Tete wogblɔ le dukɔwo dome be, “Yehowa wɔ nu gã na wo ameawo.”


“Ne ètsi bome hedo ɖokuiwò ɖe dzi alo ɖo nu vɔ̃ɖi aɖe la, tsɔ wò asi tsyɔ wò nu!


O! Yehowa, wò abɔ de dzi bobobo, gake womekpɔe o. Na woakpɔ ale si nètsɔ dzo ɖe wò amewo ŋuti ne ŋu nakpe wo; na be dzo si nèdzra ɖo ɖi na wò futɔwo la nava fia wo.


nenema kee wòahlẽ nu ɖe dukɔ geɖewo dzi, eye fiawo amia nu le eya amea ta, elabena woakpɔ nu si womegblɔ na wo o, eye woase nu si womese kpɔ o la gɔme.


“Ke nye la, le woƒe nuwɔnawo kple tameɖoɖo ta la, esusɔ vie mava ƒo dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo katã nu ƒu be woakpɔ nye ŋutikɔkɔe.


Ale maɖe nye gãnyenye kple kɔkɔenyenye afia, eye mana woanyam le dukɔ geɖewo me. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.”


Miaƒe nukpɔlawo aɖu ŋukpe eye woado ŋukpe miaƒe nukalawo. Woatsɔ asi atsyɔ mo elabena gbe aɖeke metso Mawu gbɔ na wo o.”


Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ dukɔwo kple ame geɖewo dome abe dzata le lã wɔadã siwo le ave me kple dzatavi le alẽhawo dome ene. Dzatavi si le yiyim la, enyea avuzi hevuvua nu eye ame aɖeke mate ŋu axɔ nu le esi o.


Mamu fiaɖuƒewo ƒe fiazikpuiwo aƒu anyi eye makaka dzronyigbadzifiaɖuƒewo. Mamu tasiaɖamwo kple wo me nɔlawo aƒu anyi eye sɔwo kple wo dolawo atsrɔ̃ eye ame sia ame atsi ehavi ƒe yi nu.”


Gbe ma gbe la, matsrɔ̃ dukɔ siwo katã tso ɖe Yerusalem ŋu.


Azɔ la, míenya be nya sia nya si se la gblɔ la, egblɔe na ame siwo le se la te, be amewo nazi ɖoɖoe, eye Mawu nadrɔ̃ ʋɔnu xexea me katã.


Dukɔwo le nyanyram, eye wò dziku ɖiɖi va. Ɣeyiɣi de be woadrɔ̃ ʋɔnu kukuawo, eye woatu fe na wò dɔla, nyagblɔɖilawo, wò ame kɔkɔeawo kple ame siwo dea bubu wò ŋkɔ ŋuti la, ame gblɔewo kple amegãwo siaa. Nenema ke míeda akpe na wò be nètsrɔ̃ ame siwo tsrɔ̃ anyigba la.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa