Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 7:12 - Agbenya La

12 Ɣe ma ɣi la, amewo atso Asiria kple Egipte ƒe duwo me ava eye ɖewo atso Egipte va se ɖe keke Frat tɔsisi la nu. Gawu la, amewo atso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso to dzi yi to dzi, ava kpɔ wò ɖa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ɣemaɣi la amewo ava gbɔwò tso Asur vaseɖe Egipte-duwo gbɔ, eye tso Egipte vaseɖe Frat nu, tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, eye tso to ghɔ yi lo gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




Mika 7:12
15 Mawu Ofanana  

Gbe ma gbe la, Yehowa ado eƒe asi ɖa akplɔ aboyomewo tso Asiria, Dzigbe Egipte, Anyigbe Egipte, Kus, Elam, Babilonia, Hamat siwo susɔ la agbɔe zi evelia.


Ale wòanye mɔtata na eƒe ame mamlɛ siwo susɔ tso Asiria abe ale si wònɔ na Israel esi wòkplɔ wo do goe tso Egipte ene.


Magblɔ na anyiehe be, ‘Ɖe asi le wo ŋu.’ Na dziehe be, ‘Megasika wo o.’ Mikplɔ vinye ŋutsuwo tso didiƒe kple vinyenyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke vɛ,


Kpɔ ɖa, woatso teƒe didiwo ava. Ɖewo atso anyiehe, ɖewo atso ɣetoɖoƒe, eye ɖewo hã atso Aswan nutowo me.”


“Nye ŋutɔ maƒo nye alẽ mamlɛawo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menya wo ɖo ɖo la dzi, eye makplɔ wo va wo nyiƒe, afi si woadzi ɖe edzi fũu le.


Le ɣe ma ɣi me la, Yuda ƒe aƒe awɔ ɖeka kple Israel ƒe aƒe la eye wo kple eve la woatso dzigbemenyigba aɖe dzi ava, anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye woƒe domenyinu.”


Kpɔ ɖa, makplɔ wo tso anyiehenyigba dzi vɛ eye maƒo wo nu ƒu tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke, ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, funɔwo kple kulélawo anɔ wo dome; ameha gã aɖe ŋutɔe atrɔ agbɔ.


“O Yakob, nye dɔla, mègavɔ̃ o; O Israel, wò mo megatsi dãa o. Maɖe wò godoo tso didiƒenyigba aɖe dzi kple wò dzidzimeviwo tso anyigba si dzi woɖe aboyo wo ɖo ɖo la. Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ me eye ame aɖeke mado ŋɔdzi nɛ o.


“Le ŋkeke ma dzi la, ŋusẽ aɖo Israel ƒe aƒe ŋu, eye maʋu wò nu na wò le wo dome. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.”


eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Maɖe Israelviwo ɖa tso dukɔ siwo me woyi la me. Maƒo wo nu ƒu tso teƒeawo katã, eye makplɔ wo ava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.


Woatrɔ tso Egipte abe xeviwo ƒe ha gã aɖe ene. Nenema ke woatrɔ tso Asiria abe ahɔnɛ ƒe ha gã aɖe ene. Magakplɔ wo ayi woƒe aƒewo mee.” Yehowae gblɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa