Ŋuwò, wò ko ŋu mewɔ nu vɔ̃ ɖo, eye nu si nye vɔ̃ le wò ŋkume la mewɔ, eya ta ne èle nu ƒom la, woaɖee afia be tɔwò dzɔ, eye ne ètso afia la, woagblɔ be ele eteƒe.
“O dzidzime sia, mibu Yehowa ƒe nya ŋu. “Gbegbee menye na Israel loo alo viviti tsiɖitsiɖi ƒe anyigba? Nu ka ta nye dukɔ le gbɔgblɔm be, ‘Ablɔɖe le mía si be míatsa eya ta miagatrɔ ava gbɔwò o?’
Ale Yehowa gblɔe nye si. “Vodada kae mia fofowo kpɔ le ŋunye be wotra ɖa tso gbɔnye nenema gbegbe? Wokplɔ legba maɖinuwo ɖo eye woawo ŋutɔ hã zu nu maɖinuwo.
Nye dukɔ, ɖo ŋku aɖaŋu si Moab fia, Balak, ɖo kple ale si Balaam, Beor ƒe vi la ɖo eŋu nɛ la dzi. Ɖo ŋku wò mɔzɔzɔ tso Sitim yi Gilgal la dzi, be nàdze si Yehowa ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.”